Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 8:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Ke eya gblɔ bena: Aleke mate ŋui, ne amea ɖeke mefiam oa? Eye wòɖe kuku na Filipo bena, neɖo tasiaɖam la, eye wòbɔbɔ nɔ egbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu nɛ be, “Ao, nɔvi, aleke mate ŋu ase egɔme esi ame aɖeke meli aɖe eme nam o?” Azɔ eɖe kuku na Filipo be wòage ɖe tasiaɖam la me anɔ ye xa. Filipo wɔ nenema.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 8:31
20 Referans Kwoze  

Azɔ aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyuie gbeƒãɖelaa ɖeke mele wo si o mahã?


Ne amea ɖe susu bena, yedze si nane la, ekema medze si alesi wòdze be, wòadze sii la haɖe o.


Eyata miɖe ɖiƒoƒo katã kple vɔɖinyenye geɖe fũ la ɖi, eye mitsɔ dɔmefafa xɔ nya, si wodo ɖe mia me, si ate ŋu aɖe mia luʋɔwo la.


kesinɔtɔ la naƒo adegbe le eƒe bɔbɔdeanyi me; elabena enu ava yi abe gbe ƒe seƒoƒo ene.


Amea ɖeke nagable eɖokui o: Ne mia dome amea ɖe bu eɖokui nunyala le xexe sia me la, nezu bometsila, bene wòazu nunyala.


Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.


Ametoƒe kple mɔ tata anɔ afima, si woayɔ be „mo tata kɔkɔe.“ Ame makɔmakɔa ɖeke mato edzi o; woawo ɖeɖeko tɔ wòanye. Amesi ke to edzi la, matra mo o, keke gegemewo ke hã.


mele abe bometsila ene, nunya mele tagbɔ nam o, eye meɖi lã le ŋkuwò me.


Eye wògblɔ nɛ bena: Nye dzi de kpli wò tso, esime ŋutsua ɖe tre heɖi go le eƒe tasiaɖam me va kpe wò. Alo klosalo kple awuwo, amitiwo kple weingblewo, alẽwo kple nyiwo, dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo xɔɣienye esia?


Ale Naeman kple eƒe sɔwo kple eƒe tasiaɖam va tɔ ɖe Elisa ƒe aƒe nu.


Eye esi Filipo ƒu du yi egbɔ la, ese bena, ele nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm, eye wògblɔ nɛ bena: Ele nya, si xlẽm nèle la gɔme sema?


Eye nya, si xlẽm wòle la, enye esi: „Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge, eye alesi alẽ zia kpi le amesi le fu sẽm nɛ la ƒe ŋku me la, nenema ke eya hã meke eƒe nu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite