Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 8:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Eye esi Filipo ƒu du yi egbɔ la, ese bena, ele nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm, eye wògblɔ nɛ bena: Ele nya, si xlẽm nèle la gɔme sema?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 Esi wòɖe abla te ɖe tasiaɖam la ŋu, eye wòse be ele Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm la, Filipo biae be, “Èse nu si xlẽm nèle la gɔmea?”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 8:30
18 Referans Kwoze  

Miele ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito; elabena miesusu bena, miekpɔa agbe mavɔ le wo me, eye woamawo nye nusiwo le ɖase ɖim le ŋutinye;


Eyaŋuti la migazu bometsilawo o, ke boŋ midze si nusi nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.


Eye wòyɔ ameha la va egbɔ gblɔ na wo bena: Miɖo to, eye miase nu gɔme.


Ke nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme, amesi tsena, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃ la.


Amesiame, si le fiaɖuƒe la ŋutinya sem, eye mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ la lava aha nusi wowu ɖe eƒe dzi me. Esia enye amesi gbɔ wowui ɖe mɔto le la.


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Ke ne mele ha me la, mele didim bena, matso nye tamesusu agblɔ nya atɔ̃, bene mafia nu ame bubuwo hã awu esi matsɔ gbegbɔgblɔ agblɔ nya akpe ewo.


Ke gbesigbe miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi la, wòanɔ tsitre ɖe afisi mele nɛ be, wòatsi tre ɖo o la — amesi le exlẽm la, nèse egɔme — ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi;


Azɔ ne míakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi la, anɔ tsitre le kɔkɔeƒea la (amesi le exlẽm la, nèse egɔme),


Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe miese nusiawo katã gɔmea? Wogblɔ ne bena: Ẽ.


Maƒu du le wò sewo ƒe mɔ dzi, elabena èvu nye dzi gbloto.


Afii nunya le! Amesi ke si gɔmesese le la, nèbu lã la ƒe xexlẽme kpɔ; elabena ame ƒe xexlẽme wònye, eye eƒe xexlẽme enye alafa ade kple blaade vɔ ade.


Eye wòtsi tre heyi; eye kpo ɖa, Etiopia-ŋutsua ɖe, aƒedzikpɔla, si nye Etiopia-towo ƒe fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ, amesi kpɔa eƒe kesinɔnuwo katã dzi la, eya va Yerusalem gbe do ge da;


Yesu gblɔ na wo bena: Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dom ɖa la ƒe lɔlɔ̃anu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.


Eye Filipo va Samaria-dua me, eye wòɖe gbe ƒã le Kristo ŋuti na wo.


Eye Gbagba la gblɔ na Filipo bena: Te ɖe ŋu, eye natsɔ ɖokuiwò akpe ɖe tasiaɖam sia ŋu.


Ke eya gblɔ bena: Aleke mate ŋui, ne amea ɖeke mefiam oa? Eye wòɖe kuku na Filipo bena, neɖo tasiaɖam la, eye wòbɔbɔ nɔ egbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite