Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 8:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 ke esi wògagbugbɔ, eye wòbɔbɔ nɔ eƒe tasiaɖam me la, ele nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 eye wòtrɔ yina aƒe. Esi wònɔ mɔa dzi la, enɔ Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm sesĩe le eƒe tasiaɖam me.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 8:28
19 Referans Kwoze  

Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


Eye esi woƒe gbe mesɔ o la, wodzo le nya ɖeka, si Paulo gblɔ la ta bena, Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔe nyuie na nua fofowo to nyagblɔɖila Yesaya dzi bena:


Eye wotso nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ nɛ, eye esi wòdu agbalẽa la, ekpɔ teƒe, afisi woŋlɔ ɖo bena:


alesi woŋlɔ ɖi le nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽ me bena: „Amesi le ɣli dom le gbeadzi ƒe gbe enye esi: Midzra Aƒetɔ ƒe mɔ la ɖo, miwɔ eƒe mɔtatawo dzɔdzɔe.


Esia nye ŋutega, si Yesaya, Amoz vi la, kpo le Yuda kple Yerusalem ŋu le Yuda-fiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.


Wò ɖaseɖiɖiwo nye nye domenyinu tegbee, elabena woawoe nye nye dzi ƒe dzidzɔ.


Medze nunya wu nye nufialawo katã, elabena wò ɖaseɖiɖiwo nye nye ŋugbledede.


Megaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, eye nabu eŋu zã kple keli, ne nalé nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi; elabena eya ko hafi dzɔgbenyuie anɔ mɔ dzi na wò, eye nusianu adze dzi na wò.


Eye wòtsi tre heyi; eye kpo ɖa, Etiopia-ŋutsua ɖe, aƒedzikpɔla, si nye Etiopia-towo ƒe fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ, amesi kpɔa eƒe kesinɔnuwo katã dzi la, eya va Yerusalem gbe do ge da;


Eye Gbagba la gblɔ na Filipo bena: Te ɖe ŋu, eye natsɔ ɖokuiwò akpe ɖe tasiaɖam sia ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite