Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 8:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 amesia ŋuti wo katã ku ɖo, tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, hele gbɔgblɔm bena: Amesiae nye Mawu ƒe ŋusẽ la, si woyɔna be gã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Amewo katã ku ɖe eŋu; ame ŋkutawo kple ame gblɔewo siaa, eye woda ŋkɔ ɖe edzi be, “Ame siae nye Mawu ƒe ŋusẽ si woyɔna be Ŋusẽ Gã” la.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 8:10
12 Referans Kwoze  

Amea ɖeke magafia nu xɔlɔ̃via kple nɔvia agblɔ be: „Dze si Yehowa“ o, elabena wo katã wòadze sim tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, Yehowa ye gblɔe; elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo azɔ o.


Eye eƒe tawo dometɔ ɖeka le abe kubi wode eŋu ene, eye wowɔ eƒe kubi la ne wòku; eye xexeame katã ƒe mo wɔ yaa le lã la yome.


Eye ame geɖewo adze woƒe hadzenuwɔwɔwo yome, amesiwo ta woagblɔ busunya ɖe nyateƒemɔ la ŋuti ɖo,


bene míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu o,


Elabena esi míenye aɖaŋudzelawo ŋuti la, mielɔ̃na doa dzi tsoa bometsilawo ƒe nyawo.


ke hena wo amesiwo woyɔ la, Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, mieɖea gbe ƒã Kristo, si nye Mawu ƒe ŋusẽ kple Mawu ƒe nunya la.


Ke woawo le mɔ kpɔm nɛ bena, ate alo adze anyi aku enumake; eye esi wolala ʋuu, eye wokpɔ bena, naneke mewɔe o la, wotrɔ woƒe tamesusu hegblɔ be, mawua ɖee.


Eye esi amehawo kpɔ nusi Paulo wɔ la, wokɔ woƒe gbe dzi le Likaonia-gbe me bena: Mawuwo tsɔ amewo ƒe nɔnɔme ɖi va mia gbɔ.


Tete Nimwetɔwo xɔ Mawu dzi se, wodo kpo, be woatsi nu adɔ, eye woata akpanya, tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi.


Eyata matso wo srɔ̃wo na ame tutɔwo kple woƒe agblewo na wo nyãlawo, elabena ŋuklẽlawo sɔŋ wonye tso ɖeviawo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, alakpadalawo sɔŋ wonye tso nyagblɔɖilawo dzi vaseɖe nunɔlawo dzi.


Elabena wo katã wonye amebalawo tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi; wo katã wonye alakpatɔwo tso nyagblɔɖilawo dzi vaseɖe nunɔlawo dzi.


Eye aʋafiawo katã, Yoxanan, Kareax vi, kple Yezanya, Hosaya vi, kpakple dukɔ blibo la, tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi, va


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite