Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 7:52 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

52 Alo nyagblɔɖilawo dometɔ ka yome mia fofowo meti oa? Eye wowu amesiwo gblɔ nya ɖi le ame dzɔdzɔe la ƒe vava ŋuti, amesi ƒe yomemɔfialawo kple wulawo miawo miezu azɔ;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

52 Mitɔ asi nyagblɔɖila si yome mia tɔgbuiwo meti hewɔ fui o la dzi nam. Wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ Dzɔdzɔetɔ la ƒe vava ɖi eye miawo hã miede ame sia asi, eye miewui.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 7:52
32 Referans Kwoze  

Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo; elabena nenema ke woti nyagblɔɖila, siwo dze mia ŋgɔ la yomee.


Ke woɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, vaseɖe esime Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o.


Eɖo ŋu bena. Ɖe meʋã ŋu ɖe Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, nu, elabena Israel-viwo gblẽ wò nubabla ɖi, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi; ke nye ɖeka koe kpɔtɔ, eye wole nye agbe dim, be yewoaɖe ɖa.


amesiwo hã wu Aƒetɔ Yesu kple woa ŋutɔwo ƒe nyagblɔɖilawo, eye woti mía yome, eye womedzea Mawu ŋu o, eye wonye amewo katã ƒe adikãtɔwo,


Yakatsyɔ meƒo mia viwo, wodo toku tohehe la. Miaƒe yi ɖu miaƒe nyagblɔɖilawo abe dzata vuvunu ene.


Eye medze klo ɖe eƒe afɔ nu, be made ta agu ne. Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la enye nyagblɔɖigbɔgbɔ.


Vinyewo, meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miagawɔ nuvɔ̃ o. Eye ne amea ɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mia si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la.


Eye wògblɔ bena: Mía fofowo ƒe Mawu la ɖo wò be, nanya eƒe lɔlɔ̃nu, nakpɔ dzɔdzɔetɔ la, eye nase eƒe numegbe;


Tete wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò, wotsɔ wò se la ƒu gbe ɖe megbe, eye wowu wò nyagblɔɖila, siwo xlɔ̃ nu wo, be wioatrɔ wo ɖe ŋuwò la, eye wobɔ ahɔhlɔ ga.


wodzro azãgbe kple azãgbe, si ƒomevi Kristo ƒe Gbɔgbɔ, si le wo me la, laɖe afia la me kpɔ, esime wòɖi ɖase tsã le fukpekpe, siwo le Kristo dzi va ge, kple ŋutikɔkɔe, si le wo yome dze ge la ŋuti.


ekema mi katã kple Israel dukɔ blibo, la minyae bena, le Yesu Kristo, Nazaretetɔ, ƒe ŋkɔ dzie, amesi miawo mieklã ɖe ati ŋuti, amesi Mawu to ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, le eya me amesia le, tsitre ɖe miaƒe ŋku me, eye eƒe lãme sẽ.


Eye nyagblɔɖilawo katã tso Samuel dzi vaseɖe amesiwo katã dze eyome dzi, ame geɖe alesi nu ƒo nu la, wogblɔ nya fia le ŋkeke siawo hã ŋuti.


Ke ale Mawu wu nya, siwo wògblɔ ɖi to eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me bena, eƒe Kristo akpe fu la nu.


amesi wotsɔ de asi le Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖoɖi kple nyanyaɖi la nu, esi mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi klãe ɖe ati ŋuti, eye miewui.


Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.


Wokplɔ Uriya tso Egipte vɛ na fia Yoyakim, eye wòwui kple yi hetsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe dukɔ hahoo la ƒe yɔdowo dzi.


Ke ne miewum la, ekema minyae be, miehe ʋu maɖifɔ va mia ɖokui kple du sia kpakple emenɔlawo dzi; elabena nyateƒe Yehowa dom ɖe mi, be magblɔ nya siawo katã ɖe miaƒe towo me.


Pasxur ƒo nyagblɔɖila Yeremya, eye wòbɔ pãe ɖe Benyamin-gbo dzigbeta, si le Yehowa ƒe aƒe ŋu la nu.


Eɖo ŋu bena: Ɖe meʋã ŋu ɖe Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la nu, elabena Israel-viwo gblẽ wò nubabla ɖi, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi, ke nye ɖeka koe kpɔtɔ, eye wole nye agbe dim, be yewoaɖe ɖa.


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Filadelfia la, ƒe dɔla bena: Amesi enye kɔkɔetɔ kple nyateƒea, amesi si Dawid ƒe safui le, amesi ʋuna amea ɖeke metuna o, eye wòtuna amea ɖeke meʋuna o la, eyae gblɔ esiawo bena:


Tete Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, ɖo eƒe dɔlawo ɖe wo enuenu, elabena Yehowa kpɔ eƒe dukɔ kple eƒe nɔƒe la ta.


Dzi nadza mi le ŋkeke ma me, eye midzo kpo, elabena kpɔ ɖa, miaƒe fetu lolo le dziƒo, elabena nenema ke wo fofowo wo nya gblɔɖilawoe.


le dzodzoenyenye ŋuti, elabena meyina Fofo la gbɔ, eye miagakpɔm o;


yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite