Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 7:48 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

48 Gake nuwokatãtaƒola la menɔa nusi wowɔ kple asi la me o, abe alesi nyagblɔɖila gblɔ ene bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

48 “Ke hã la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la menɔa gbedoxɔ si amegbetɔ ŋutɔ tsɔ eƒe asi tui la me o, elabena Mawu ŋutɔ gblɔ to eƒe Nyagblɔɖila Yesaya dzi be,

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 7:48
17 Referans Kwoze  

Ke nyateƒee, Mawu anɔ anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o.


Elabena nyateƒee Mawu anɔ amegbetɔwo gbɔ le anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o!


Elabena Yehowa enye wò si tsoƒe, eye dziƒoʋitɔ la nètsɔ wɔ nɔwòƒee.


Ati gã lolo, si nèkpɔ wòkɔ ɖatɔ dziŋgɔli, eye wòvu de anyigba blibo la dzi,


Amesi bɔbɔ nɔ dziƒoʋitɔ la ƒe bebeƒe, eye wòle ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te la,


Ne ame vɔ̃ɖiwo mie abe gbe ene, eye nu vlo wɔlawo katã le se ƒom hã la, tsɔtsrɔ̃ ge ko woala ɖikaa.


Eƒe dzɔgbevɔ̃e trɔ va eƒe ta dzi, eye eƒe ŋutasesẽ gbugbɔ va dze eƒe dzodome.


Eyata nye Nehukadnezar makafu dziƒo fia la, made bubu eŋu, eye mada akpe nɛ; elabena eƒe nuwɔwɔwo katã le eteƒe, eƒe mɔwo dza, eye wòbɔbɔa dadalawo ɖe anyi.


ne eƒe tɔwo dze agbo, eye wotso futukpɔ, eye towo ʋuʋu le eƒe nyanyrã me hã. Sela.


Esi dziƒoʋitɔ ma anyigba na dukɔwo, eye wòkaka ame gbetɔviwo me la, eɖo liƒo na dukɔwo, ɖe alesi Israel-viwo sɔ gbɔe nu.


Wotrɔ, ke menye ɖo ta dziƒo o, eye wole abe dati doagblɔ ene; woƒe amegãwo atsi yi nu le woƒe aɖe ƒe nyanyrã la; esia woatsɔ aɖe alɔmee le wo ŋu le Egipte-nyigba dzi.


Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoxɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae;


Elabena mienyae bena, ne wogbã miaƒe agbadɔxɔ, si nye anyigbadzitɔ la, xɔtutu, si tso Mawu gbɔ la, anɔ mía si — xɔ, si wometso asi wɔe o, si nɔa anyi tegbetegbe le dziƒo la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite