Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 7:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Ẽ, mietsɔ Molox ƒe agbadɔ kple mawu Romfan ƒe ɣletivi, nɔnɔme, siwo miewɔ, be miasubɔ la, ɖe asi eye made asi le mia ŋu, be miayi Babilonia godoo.“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

43 Kpao, menye nyee miesa vɔ na o, ke boŋ miaƒe susuwo katã nɔ Molek ƒe agbadɔ kple mawu Refan ƒe ɣletivinɔnɔme, siwo nye legba miewɔ be miasubɔ la ŋu. Le esia ta la, maɖo mi ɖe aboyo me, ayi keke Babilonia godo ke.’

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 7:43
13 Referans Kwoze  

Ena viawo to dzo me, eye wosa dzo, eka afã, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me, ne wòatsɔ do dziku nɛ.


Eye Asur-fia kplɔ Israel dzoe yi Asur hetso wo ɖo Xalax kple Xabor le Gozan-tɔsisi la nu kple Media-duwo me.


Le Hosea ƒe ƒe asiekelia me la Asur-fia xɔ Samaria, eye wòkplɔ Israel yi Asur hetsɔ wo ɖo Xalax kple Xabor le Gozan-tɔsisi la nu kpakple Media-duwo me.


Megatsɔ viwò sa vɔe na Molex o, bena nagaƒo ɖi Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa.


Ɣemaɣi Salomo tu nuxeƒe na Kemos, si nye Moabtɔwo ƒe ŋunyɔnu kple Molex, si nye Amon-viwo ƒe ŋunyɔnu, ɖe to dzi le Yerusalem ŋgɔ.


Wowɔ nuxeƒewo na Baal ɖe Ben-Hinom-bali la me, ne wòakɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo ŋu na Molox, nusi nyemeɖo na wo alo wòayi nye ta me va ge, be woawo ŋunyɔnu sia ahatsɔ ble Yuda ade nuvɔ̃ me o.


Israel ƒe aƒe, ɖe miesa akpedavɔ kple nuɖuvɔ nam le gbe dzi le ƒe blaneawo mea?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite