Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 6:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 amesiwo wotsɔ ɖo apostoloawo ƒe ŋku me; eye esi wodo gbe ɖa vo la, wòda asi ɖe wo dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Esi wotia ame adre siawo vɔ la, wokplɔ wo va apostoloawo gbɔe, eye wodo gbe ɖa ɖe wo ta, da asi ɖe wo dzi, heyra wo.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 6:6
14 Referans Kwoze  

Eyata mele ŋku dom edzi na wò be, nade dzo Mawu ƒe amenuvevenunana, si le mewo to nye asiɖoɖo dziwò la me.


Eyome nana Lewitɔwo nate va Yehowa ŋku me, eye Israel-viwo natsɔ woƒe asiwò ada ɖe Lewitɔwo dzi.


Eye wodo gbe ɖa gblɔ bena: Aƒetɔ, wò amesi nya amewo katã ƒe dzime la, fia ame eve siawo dometɔ ɖeka, si nètia,


Megawɔ ƒome le amenuvevenunana, si le mewo, si wona wò to nyagblɔɖi me, esime hamemegãwo da woƒe asiwo ɖe dziwò la ŋuti o.


Tete woda asi ɖe wo dzi, eye woxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la.


Tete wotsi nu dɔ, eye wodo gbe ɖa, eye wotsɔ woƒe asiwò da de wo dzi, eye wodo mɔ wo.


Tete Anania ta dzi yi, eye wòva aƒea me, eye wòda eƒe asiwò ɖe edzi gblɔ bena; Nɔvi Saul, Aƒetɔ la, Yesu, si ɖe eɖokui fia wò le mɔ dzi, esi nègbɔna la, dom ɖa, be nagakpɔ nu, eye ne Gbɔgbɔ kɔkɔe la nayɔ wò fũ.


Megaɖo asi ame dzi kabakaba o, eye megakpɔ gome le ame bubuwo ƒe nuvɔ̃wo me o. Lé ɖokuiwò dzadzɛ.


kple mawutsidedetaname ŋuti nufiafiawo kple asidada ɖe ame dzi kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ƒe gɔme anyi o.


Yehowa ɖo ŋu na Mose bena: Yɔ Yosua, Nun vi, ŋutsu, si me gbɔgbɔ la le la, eye natsɔ wò asi aɖo edzi,


Eye nunyagbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun vi fũ, elabena Mose da asi ɖe edzi. Eye Israel-viwo ɖo toe, eye wowɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


eye wòɖe kuku nɛ vevie ŋuta gblɔ bena: Vinyenyɔnuvi ɖo kudo nu, va ne natsɔ wò asi ada de edzi, bena eƒe lãme nasẽ, eye wòatsi agbe.


eye wòkpɔ ŋutsua ɖe le ŋutega me, amesi ŋkɔ nye Anania la, gbɔna egbɔ, eye wòle asi dam ɖe edzi, bena wòagakpɔ nu.


Eye esi Paulo da asi ɖe wo dzi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la va wo dzi, eye woƒo nu kple aɖe yeyewo, eye wogblɔ nya ɖi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite