Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 6:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye wode zi dukɔ la kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo me; eye wova dze edzi, eye wòlée hekplɔe yi ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ale wode zi ameawo, amegãwo kple agbalẽfialawo me. Wolé Stefano hekplɔe yi ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋkumee.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 6:12
15 Referans Kwoze  

Dɔmedzoetɔ ɖɔa avu, ke tufala tsia dzre nu.


Eye Yudatɔ, siwo mexɔe se o la, de zi trɔ̃subɔlawo ƒe luʋɔwo me, eye wodo ada wo ɖe nɔviawo ŋu.


Ke amesiwo lé Yesu la, kplɔe yi ɖe nunɔlagã Kayafa gbɔ, afisi agbalẽfialawo kple amegãwo kpe ta ɖo.


Ke esi wòsusɔ ʋee, ne woawu ŋkeke adreawo nu la, Yudatɔwo tso Asia, esi wokpɔe le mawuxɔa me la, wode zi ameha blibo la katã me eye woɖo asi edzi


Ke esi Yudatɔ, siwo le Tesalonika, se bena, Paulo gblɔ mawunya la fia le Beroia hã la, wova afima hã, eye wode zi amehawo me hele woƒe tame blum.


Tete Yudatɔwo de zi nyɔnu ŋkutatɔ, siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, eye wona yometiti dzɔ ɖe Paulo kple Barnaba dzi, eye wonyã wo tso woƒe nutoawo me.


Eye esi wokplɔ wo ve la, wotsɔ wo ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me. Eye nunɔlagã bia wo bena:


Eye woɖo asi apostoloawo dzi, eye wode wo dua me gaxɔ me.


Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.


Ke esi Galio nye du me dziɖula le Axaya la, Yudatɔwo tsɔ nu sɔsɔe tsi tre ɖe Paulo ŋuti, eye wokplɔe va ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ


Eye le ŋkekeawo dometɔ ɖeka dzi, esi wòle nu fiam, eye wòle nyanyuie la gblɔm na dukɔ la le mawuƒe me la, eva ve me bena, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpakple amegãwo va tsi tre,


Tete wotra ŋutsua ɖewo ɖe wo me, amesiwo gblɔ bena: Miese wòle busunyawo gblɔm ɖe Mose kple Mawu ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite