Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 6:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Tete wotra ŋutsua ɖewo ɖe wo me, amesiwo gblɔ bena: Miese wòle busunyawo gblɔm ɖe Mose kple Mawu ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Le esia ta la, wokplɔ ŋutsu aɖewo be woava ɖi aʋatsoɖase be, “Míese Stefano wòle busunya gblɔm ɖe Mose kple Mawu ŋu.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 6:11
28 Referans Kwoze  

nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


Eye nukaŋuti miawo, abe alesi woɖoa vlo mi, eye abe alesi amea ɖewo ɖea aɖe nu me na mí be, miegblɔna bena: „Mina míawɔ nuvɔ̃, bena nu nyui nava“ ene o boŋ mahã? Amesiawo ƒe fɔbubu edzɔ.


Eye esi wòva la, Yudatɔ, siwo tso Yerusalem va la, le tsitre ƒo xlãe, eye wotsɔ nutsotso vevi geɖewo vɛ ɖe Paulo ŋuti, esiwo ŋu womete ŋu fia kpɔɖeŋua ɖeke le o,


hebia amenuveve tso egbɔ bena, wòana woakplɔe ava Yerusalem, elabena wole xa me be, yewoawui le mɔ dzi.


hele ɣli dom bena: Israel-ŋutsuwo, miva xɔ na mí loo! Amesiae nye amesi nɔa nu fiãm amewo katã le afisiafi hetsi tre ɖe dukɔ la kple se la kpakple teƒe sia ŋuti, eye wu esia la ekplɔ Helatɔwo hã va mawuxɔ la me, eye wòƒo ɖi teƒe kɔkɔe sia.


Ke esi wole nya ŋem ɖe enu, eye wole busunyawo gblɔm la, eʋuʋu eƒe awuwo me hegblɔ na wo bena: Miaƒe ʋu nava mia ŋutɔwo miaƒe ta dzi: nye la ŋutinye kɔ; tso esia dzi la mayi ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ.


Elabena tso blema ke Mose ƒe gbeƒãɖelawo le du sia du me le esime be, woxlẽnɛ le ƒuƒoƒewo le Sabat sia Sabat dzi.


eye woɖo aʋatsoɖaseɖilawo, amesiwo gblɔ bena: Nenem me sia midzudzɔ nuƒoƒo ɖe teƒe kokoe la kple se la ŋu o;


Eye woawɔ esiawo, elabena womenya Fofo la kple nye hã o.


Mienya bena, Mawu ƒo nu kple Mose; ke amesia la mienyã afisi wòtso o.


Elabena wona se la to Mose dzi; amenuveve kple nyateƒe va to Yesu Kristo dzi.


Eye mese ŋuta le wo ŋu enuenu le ƒuƒoƒeawo katã, eye mezia wo dzi, bena woagblɔ busunya, eye esi meku tsu gɔ̃ hã ɖe wo ŋuti la, metia wo yome yia du bubuwo ke hã me.


Ne amea ɖe ƒo fi de Yehowa ƒe ŋkɔ la, woawui; ha blibo la naƒu kpee wòaku, eɖanye amedzro alo duamevi o, ele be, woaku, elabena eƒo fi de ŋkɔ kɔkɔe la.


Megasa sakpli o. Wò nu meganɔ ŋutasẽla ƒe nya me, be nazu aʋatsoɖaseɖila o.


Tete nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo gblɔ na amegãwo kple dukɔ blibo la bena: Ŋutsu sia dze ku; elabena egblɔ nya ɖi ɖe du sia ŋu, abe alesi mia ŋutɔwo miesee kple miaƒe to ene.


Eye esi wòɖo Benyamin-gbo nu la, Xananya vi Selemya ƒe vi Yiriya, amesi nye dzɔlawo ƒe amegã la, le afima, eye wòlé nyagblɔɖila Yeremya gblɔ bena: Kaldeatɔwo dzi nèbe, yeayi.


Eye womete ŋu tsi tre de nunya kple gbɔgbɔ, si wòtso le nu ƒom la nu o.


Eye wode zi dukɔ la kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo me; eye wova dze edzi, eye wòlée hekplɔe yi ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite