Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 5:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Ke farisitɔa ɖe, si ŋkɔ nye Gamaliel, sefiala, si dukɔ la katã buna la, tsi tre le ʋɔnudrɔ̃lawo me; eye wòde se be, woakplɔ amesiawo ado goe ʋee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

34 Ke Farisitɔ aɖe le wo dome si ŋkɔe nye Gamaliel, enye agbalẽfiala hã, eye amewo katã dea bubu eŋu. Etsi tsitre le takpekpea me gblɔ be woaɖe kpɔ apostoloawo vie.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 5:34
14 Referans Kwoze  

eye wògblɔ bena Nye la Yudatɔ menye, wodzim le Tarso le Kilikia; gake la du sia me wonyim le, eye Gamaliel ƒe ato nu wòfiã num le pɛpɛpɛ; le mía fofowo ƒe se la nu la ŋuʋãla ɖe Mawu ŋu menye, sigbe alesi mi katã miele egbe sia ene;


Eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la eva ve me bena, wokpɔe le mawuƒe la me le anyinɔƒe le nusiawo dome, hele to ɖom wo, eye wòle nya biam wo;


Eye gbe ɖeka la eva ve me bena, esi wòle nu fiãm, eye farisitɔwo kple sefiala, siwo tso Galilea kple Yudea-duwo katã me kpakple Yerusalem va la, wobɔbɔ nɔ afima, eye Aƒetɔ ƒe ŋusẽ ti be, wòada gbe le wo ŋu.


esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela.


Ke esi wona wodo go tso ʋɔnua me la, wode adaŋu le wo nɔewo dome gblɔ bena: Nuka miawɔ ame siawoa?


Tete amegãwo kple dukɔ blibo la gblɔ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo bena: Ŋutsu sia medze ku o, elabena eƒo nu na mí le Yehowa, mía Mawu ƒe ŋkɔ me.


Eye ŋutsuwo tsi tre tso anyigba la ƒe ame tsitsiwo dome gblɔ na dukɔ la ƒe takpekpe blibo la bena:


Eye esi Elnatan, Delaya kple Gemarya woɖe kuku na fia la be, megatɔ dzo agbalẽa o hã la, meɖo to wo o.


Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Israel ƒe nufiala nènye, eye menya nusiawo o mahã?


Eye esi wosee la, woto dzi yi mawuxɔ me le ŋdikanya, eye wòfiã nu. Ke nunɔlagã kple amesiwo le eŋu la, wova, eye woyɔ adaŋudelawo kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo katã va ƒo ƒu, eye wodo ɖo ɖe gaxɔ me, be woakplɔ wo vɛ.


Eye esi wokplɔ wo ve la, wotsɔ wo ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me. Eye nunɔlagã bia wo bena:


Eye wògblɔ na wo bena; Israel-ŋutsuwo, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nusi wo ge miala ɖe ame siawo ŋuti la ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite