Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 5:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Tete la aʋafia kple atikplɔtɔwo to edzi yi ɖakplɔ wo vɛ, menye sesẽtɔe o, elabena wovɔ̃ dukɔ la, bena woagaƒu kpe yewo o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Enumake asrafowo ƒe amegã kplɔ etevi aɖewo ɖe asi, eye woyi ɖalé apostoloawo. Asrafoawo kpɔ egbɔ be yewomelé wo sesẽtɔe o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewowɔ esia la, ɖewohĩ ameha gã si le afi ma la aƒu kpe yewo.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 5:26
13 Referans Kwoze  

Ke amesiwo susɔ la, wo dometɔa ɖeke meɖoa dzi tena ɖe wo ŋu o, hafi boŋ dukɔ la bua wo ŋutɔ.


Ke esi wogado ŋɔdzi na wo ɖe edzi la, woɖe asi le wo ŋu, esi womekpɔ naneke woatsɔ ahe to na wo o la ta, le dukɔ la ŋuti; elabena ameawo katã le Mawu kafum le nusi ke va me la ŋuti.


Eye esi mawuxɔdzikpɔla kple nunɔlagãwo se nya siawo la, wotsi dzodzodzoe le wo ŋuti bena: Nuka goe nye esia?


Eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo di alesi woawɔ awui, elabena wovɔ̃ dukɔ la.


Eye agbalẽfialawo kple nunɔlagãwo di bena, yewoalée le gaƒoƒo ma me, ke wovɔ̃ dukɔ la, elabena wodze sii bena, edo lo sia ɖe yewo ŋu.


Ke ne miegblɔ bena: Amewo gbɔ wòtso la, ekema dukɔ la katã laƒu kpe mí; elabena wokpɔ kakaɖedzi bena, Yohanes enye nyagblɔɖila.


Ke wogblɔ bena: Menye le ŋkekenyuie la dzi o, bena zi nagatɔ le dukɔ la dome o.


Ne miegblɔ bena, dziƒo wòtso la, agblɔ na mí bena: Ekema nukaŋuti miexɔ edzi se o? Ke ne miegblɔ bena, amewo gbɔ wòtso la, ekema mievɔ̃ ameha la; elabena wo katã wobu Yohanes abe nyagblɔɖila ene.


Eye wòle didim be, yeawui; gake evɔ̃ ameha la, elabena wòbua eyama abe nyagblɔɖila ene.


Ke Petro le eyome ʋĩ gbɔna vaseɖe nunɔlagã ƒe mɔ̃ la gbɔ, eye wòyi ɖe eme, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe dɔlawo gbɔ, bena yeakpɔ alesi woawu nui.


Eye wòdzo heyi ɖaƒo nu kple nunɔlagãwo kple aʋafiawo, alesi woawɔ aɖe eyama asi na wo.


Ke esi atikplɔtɔwo de, eye womekpɔ wo le gaxɔa me o la, wogbugbɔ va gblɔ bena:


Ke amea ɖe va ka eta na wo bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu, siwo mietsɔ de gaxɔ me la, wole tsitre ɖe mawuxɔ me, eye wole nu fiãm dukɔ la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite