Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 5:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Míekpɔ gaxɔa wòle tutu nyuie pɛ, eye dzɔlawo le tsitre le ʋɔtrua nu; gake esi míeʋui la, míekpɔ amea ɖeke le eme o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 “Esi míede la, míekpɔ gaxɔ ƒe agboawo nɔ tutu goŋgoŋ. Asrafowo nɔ tsitre ɖe agboa nu pɛpɛpɛ, gake esi míeʋu ʋɔa hege ɖe eme la, míekpɔ ame aɖeke le teƒea o.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 5:23
13 Referans Kwoze  

Yehowa tɔtɔ dukɔwo ƒe adaŋudede me, eye wògblẽ anyigba dzi dukɔwo ƒe tameɖoɖo me.


Amesi bɔbɔ nɔ dziƒo la, le nu kom, eye Aƒetɔ la le alɔme ɖem le wo ŋu.


Ke Aƒetɔ ƒe dɔla va ʋu gaxɔa ƒe ʋɔtruawo le zã me, eye wòkplɔ wo do goe gblɔ bena:


Tete wofa kpewo, be yewoaƒui; ke Yesu ɣla eɖokui, eye wòdo go le mawuƒe la me.


Amekae gblɔ nya wòva me, ne Aƒetɔ la meɖe se hafi o?


Nunya kple gɔmesese kpakple aɖaŋuɖoɖoa ɖeke meli ɖe Yehowa ŋu o.


Ke esi atikplɔtɔwo de, eye womekpɔ wo le gaxɔa me o la, wogbugbɔ va gblɔ bena:


Eye esi mawuxɔdzikpɔla kple nunɔlagãwo se nya siawo la, wotsi dzodzodzoe le wo ŋuti bena: Nuka goe nye esia?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite