Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 4:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tete Petro, amesi Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ fũ la, gblɔ na wo bena: Mi dukɔ la ƒe dziɖulawo kple Israel-amegãwo!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do ŋusẽ Petro, eye wòɖo eŋu na wo be, “Dziɖulawo kple dumegãwo!

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 4:8
11 Referans Kwoze  

Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ya wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi Gbɔgbɔ la na wo, be woaƒo nui ene.


Ke eya la, esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la vɔe fũ la, ekpɔ dziƒo gã, eye wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la kple Yesu le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔvi la le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.


Eye esi wodo gbe ɖa vɔ la, teƒe, si woƒo ƒu ɖo la ʋuʋu; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã taŋ, eye wogblɔ mawunya la kple dzideƒo.


Eye esi Pilato yɔ nunɔlagãwo kple amegãwo kpakple dukɔ la ƒo ƒu la,


Eye wòva me le ŋdi bena, woƒe dziɖulawo kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo ƒo ƒu ɖe Yerusalem,


Eye wòva me bena, esi Elisabet se Mana ƒe gbedoname ko la, via ho le eƒe dɔ me; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Elisabet fũ,


Eye esi wotso wo ɖo titina la, wòbia bena: Ŋusẽ ka nu alo ŋkɔ ka dzie miewɔ nusia le mahã?


Tete la Saul, si woyɔna hã be Paulo, si Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ fũ la, lé ŋku ɖe edzi gã


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite