Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 4:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 be woawɔ nusi wò asi kple wò aɖaŋu ɖo ɖi be, wòava me la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Ke nu si wò ŋutɔ nèɖo da ɖi le wò nunya kple ŋusẽ me xoxo la ko ate ŋu adzɔ.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 4:28
21 Referans Kwoze  

amesi wotsɔ de asi le Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖoɖi kple nyanyaɖi la nu, esi mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi klãe ɖe ati ŋuti, eye miewui.


nye amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke gblɔ bena: Nye tame-ɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi;


Miawo miesusu vɔ̃ ɖe ŋunye, ke Mawu trae wòzu nyuie, be yeawɔe axɔ ame geɖe ɖe agbe, abe alesi miele ekpɔmi egbegbe ene.


Amegbetɔvi la le yiyim, abe alesi woŋlɔ ɖi le eŋuti ene; ke baba na nenem me, si lade Amegbetɔvi la asi! Enyo na nenem me la bena, womegaxae dzi o.


Ke ale Mawu wu nya, siwo wògblɔ ɖi to eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me bena, eƒe Kristo akpe fu la nu.


Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi.


Eyata esi Mawu lɔ̃ be, yeaɖe yeƒe adaŋudede ƒe limaɖɔmaɖɔ afia ŋugbedodo ƒe domenyilawo kɔte wu la, etso nutàta heɖo kpe edzi,


eya, amesi me míexɔ domenyinyi la hã le, esime woɖo mí ɖi le amesi wɔa nuwo katã le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe adaŋudede nu la, ƒe tameɖoɖoɖi la nu,


Elabena ele eme bena, Amegbetɔvi la le yiyim le ɖoɖo la nu; gake baba na ame ma, si dzi wòato aɖee asi!


Ke aleke awɔ ne woawu ŋɔŋlɔawo nu mahã? Elabena ele be, woava me nenema tsã!


Ameka nya ta le Yehowa ƒe gbɔgbɔ nu, eye ameka nye eƒe adaŋudela, si fia nui?


Esia hã tso Yehowa Zebaot gbɔ. Eƒe adaŋudede enye nuku, eye eƒe nunya lolo.


Amesiwo noa gbɔgblɔm bena: Newɔ kabakaba, neƒo du ɖe eƒe dɔ nu, ne míakpɔe; eye Israel ƒe kɔkɔetɔ la ƒe adaŋudede nete va, ne miadze sii.


Nunya kple gɔmesese kpakple aɖaŋuɖoɖoa ɖeke meli ɖe Yehowa ŋu o.


esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela.


Eya si ko nunya kple ŋusẽ, aɖaŋuɖoɖo kple tagbɔ kɔkɔ le.


Yehowa Zebaot ka atam be: Alesi mebu ɖe ta me la, nenema wòanɔ, eye alesi meɖo la, nenema woava mee


Mèsee kpɔ be, tso tititi ke mewɔe, eye meɖoe tso gbaɖegbe ke oa? Azɔ mena wòva me be, nagblẽ du sesẽwo woazu anyiglãgo;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite