Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 3:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye nyagblɔɖilawo katã tso Samuel dzi vaseɖe amesiwo katã dze eyome dzi, ame geɖe alesi nu ƒo nu la, wogblɔ nya fia le ŋkeke siawo hã ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 “Vavã nyagblɔɖilawo katã, tso Samuel ŋɔli va ɖo fifia hã ƒo nu tso nu siwo le dzɔdzɔm egbegbe la ŋu.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 3:24
12 Referans Kwoze  

Amesi wòle na dziƒo be, wòaxɔ tsã vaseɖe nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi, esiwo ŋuti Mawu ƒo nu le, to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo katã ƒe nu me tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me la.


Eye esi wòdze egɔme tso Mose kple nyagblɔɖilawo katã dzi la, ede nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la, ƒe gome fia wo.


Eye Israel blibo la tso Dan vaseɖe Beerseba nyae bena, Yehowa bu Samuel nyateƒetɔe, eye wòɖoe nyagblɔɖilae.


Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome eye Samuel le amesiwo yɔa eƒe ŋkɔ la dome. Woyɔ Yehowa, eye wòɖo to wo.


Ke azɔ la se la manɔmee woɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye hefiã, esi ŋuti se la kple nyagblɔɖilawo ɖi ɖase le,


Eye esia megbe wotsɔ ʋɔnudrɔ̃lawo na wo anɔ ƒe alafa ene kple ƒe blaatɔ̃ sɔŋ, vaseɖe nyagblɔɖila Samuel dzi.


Eye Samuel ɖevi la subɔ Yehowa le Eli gbɔ. Ɣemaɣi la Yehowa meƒoa nu enuenu o, eye ŋutega kpɔkpɔ mebɔ o.


Ke Samuel subɔna le Yehowa ŋku me, enye ɖevi, eye wòdoa aklala kɔmewu


Eyata mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo,


Tete Yehowa gblɔ nam bena: Ne Mose kple Samuel wotsi tre ɖe ŋkunye me hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋu o. Nyã wo ɖa le ŋkunye me, ne woadzo.


eye wòle eme ʋum fia wo kɔte bena, ele na Kristo be, woakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome, eye bena amesiae nye Kristo Yesu, amesi ŋutinya gblɔm mele le mia fiam.


bena Kristo lakpe fu, eye bena wòanye gbãtɔ le lãme kukuwo ƒe tsitretsitsi la me, eye wòaɖe gbe ƒã kekeli afia dukɔ la kple trɔ̃subɔlawo siaa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite