Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 3:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye wotsɔ ŋutsua ɖe, si nye tekunɔ tso dadaa ƒe dome ke la ve, amesi wotsɔna dana ɖe mawuxɔ la ƒe ʋɔtru, si woyɔna be nyui la nu gbesiagbe, be wòabia nu le amesiwo yina ɖe mawuxɔa me la si.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Esi woɖo gbedoxɔ la gbɔ la, wokpɔ ŋutsu tekunɔ aɖe si wokɔ va da ɖe gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be, “Agbo Nyui” la nu. Amea nye tekunɔ tso eƒe dzɔdzɔme ke, eye gbe sia gbe la, wokɔnɛ va dana ɖe agbo sia nu be wòabia nu le ame siwo yina gbedoxɔ me la si.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 3:2
9 Referans Kwoze  

Eye ŋutsua ɖe le Listra le anyinɔƒe, si metea ŋu tsia tre ɖe eƒe afɔwo dzi o, eye wònye tekunɔ tso keke dadaa ƒe dɔme ke; amesi mezɔ azɔli kpɔ o.


Eyata eƒe aƒelikawo kple amesiwo kpɔe tsã bena, nubiala wònye la, gblɔ bena: Ɖe menye amesia nɔ anyi henɔa nu biam la o mahã?


ke ame dahea ɖe, si ŋkɔ nye Lazaro la, mlɔ eƒe agbo nu, eye abiwo yɔ eŋuti fũ;


eye wògblɔ bena: Kornelio, wose wò gbedodoɖa, eye woɖo ŋku wò dɔmenyowɔwɔwo dzi le Mawu ƒe ŋku me.


Eye wòva ve me, esi wògogo Yerixo la bena, ŋkuagbãtɔa ɖe bɔbɔ nɔ mɔ to le nu biam;


Ke esi eya kpɔe gã, eye wòvɔ̃ la, egblɔ bena: Nukae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ nɛ bena: Wò gbedodoɖawo kple wò dɔmenyowɔwɔwo yi dzi le Mawu ŋku me hena ŋkuɖoɖodzi.


Elabena amesi ŋu wowɔ dɔyɔyɔdzesi sia le la, xɔ ƒe wowu ƒe blane.


Ke wodze sii bena, eyae nye amesi nɔ anyi ɖe mawuxɔ la ƒe ʋɔtru nyui la nu le nubiabia ta, eye wotsi yaa, eye kuvia ɖo wo ŋutɔ le nusi va; ve me la ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite