Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 3:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye esi wòmiã eɖokui ɖe Petro kple Yohanes ŋu la, dukɔ blibo la katã si du va ƒo ƒu ɖe wo gbɔ le akpata, si woyɔna be Salomo ƒe akpata la me, eye woƒe nu ku.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Ŋutsu si woyɔ dɔe la mía eɖokui ɖe Petro kple Yohanes ŋu kplikplikpli va ge ɖe gbedoxɔ la ƒe akpa si woyɔna be, Solomo ƒe Akpata la me, eye ameha la ƒo zi va wo gbɔ eye woƒe nu ku.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 3:11
9 Referans Kwoze  

Eye dzesi kple nukunu geɖewo va me le dukɔ la dome to apostolowo ƒe asi dzi. Eye wo katã wonɔ anyi kple tame ɖeka le Salomo ƒe akpata la me.


eye Yesu le tsa ɖim le mawuƒea le Salomo ƒe akpata la me.


Eye ŋutsu, si me gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo go le la, ɖe kuku nɛ bena, yeana egbɔ; ke edo mɔe gblɔ bena:


Ke esi gbe sia ɖi la, ameha la ƒo zi va kpe ta, eye woƒe nu ku, elabena amesiame se wole ye ŋuta degbe gblɔm.


Eye wòdɔ Petro kple Yohanes gblɔ bena: Miheyi ɖadzra ŋutitotolẽvi la ɖo na mi, be miaɖu.


Nukaŋuti nègblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me be, aƒe sia ano abe Silo ene, eye du sia agba azu aƒedo? Tete dukɔ blibo la ƒo takpli de Yeremya ŋu le Yehowa ƒe me.


Eya la, esi wòkpɔ Petro kple Yohanes woyina ɖe mawuxɔa me la, ebia nunana wo.


Ke Petro kple Yohanes wokpɔe du gblɔ bena: Kpɔ mi ɖa!


Eye esi Petro kpɔe la, egblɔ na dukɔ la bena: Israel-ŋutsuwo, nukaŋuti miaƒe mo wɔ yaa le amesia ŋuti mahã? Alo nuka wɔ, eye mielé ŋku ɖe mia dzi gã, abe ɖe mieto mia ŋutɔwo ƒe ŋusẽ, alo vɔvɔ̃ na Mawu dzi wɔ be, amesia le azɔli zɔm ene?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite