Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 28:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Azɔ esi esia va me la, ame mamlɛ, siwo le dɔwo lém le ƒukpoa dzi la, hã va egbɔ, eye wòyɔ dɔ wo,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Enumake dɔnɔ siwo katã nɔ teƒea la va Paulo gbɔ, eye wòda gbe le wo katã ŋu.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 28:9
7 Referans Kwoze  

nenem bena wotsɔ dɔlélawo hã do go va ablɔ me, eye wotsɔ wo mlɔ abawo kple abatiwo dzi, bena ne Petro gbɔna la, eƒe vɔvɔli ɖeɖeko nadze wo dometɔa ɖe dzi.


Eye dzesi kple nukunu geɖewo va me le dukɔ la dome to apostolowo ƒe asi dzi. Eye wo katã wonɔ anyi kple tame ɖeka le Salomo ƒe akpata la me.


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Ke esi woto ƒukpo blibo la me vaseɖe Pafo la, wokpɔ Yudatɔa ɖe, si nye afakala kple aʋatsonyagblɔɖila, amesi ŋkɔ nye Baryesu,


Eye wòva me bena, Publio fofo mlɔ anyi le ŋudza lém, eye wòle sisi ɖem, eye Paulo yi ɖe egbɔ, eye wòdo gbe ɖa hetsɔ eƒe asi ɖa ɖe edzi, eye wòyɔ dɔe.


amesiwo hã bu mí geɖe ŋutɔ, eye esi miele dzodzo ge la, wotso nusiwo le mia hiãm la na mí.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite