Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 28:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Ke Paulo nɔ anyi ƒe blibo eve sɔŋ le ye ŋuta ƒe xɔ, si wòɣe la me; eye wòxɔa amesiwo katã va egbɔ,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 Ke Paulo nɔ afi ma ƒe eve sɔŋ le xɔ si ta wòxe fe ɖo la me, eye ame geɖewo va nɔ ekpɔm ɖa le eƒe aƒe me.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 28:30
14 Referans Kwoze  

Eye wotsɔ atagbi he Yeremya tso do la me, eye Yeremya tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.


Eye esi wògblɔ esiawo la, Yudatɔwo dzo, eye nusesẽ geɖe ɖo wo dome.


eye wòle mawufiaɖuƒe la ƒe gbe ƒã ɖem; eye wòle nu fiãm le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti kple dzideƒo ŋutɔ, eye amea ɖeke mexea mɔ nɛ o.


ale bena nye bablawo dze ƒã le Kristo me ɖe asrafomɔ̃ blibo la katã me kple ame mamleawo katã gbɔ,


Tete fia Zedekiya de se be, woadzɔ Yeremya ŋu le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wotsɔa abolo ɖeka nɛ gbesiagbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, vaseɖe esime woɖu abolowo katã wòvɔ le dua me. Eye Yeremya tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.


Egblɔ na wo bena: Miva kpɔe. Eye wova, eye wokpɔ afisi wònɔna; eye wonɔ anyi kplii le ŋkeke ma dzi, anɔ gaƒoƒo ewolia dzi.


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, Paulo ɖo le Gbɔgbɔ la me be, yeaɖato Makedonia kple Axaya ayi ɖe Yerusalem hegblɔ bena: Ne mede afima megbe la, maɖakpɔ Roma hã ɖa tsã.


Ke le ƒe eve megbe la Porkio Festo va nɔ Felike teƒe; eye esi Felike le didim be, yeave Yudatɔwo nu la, egblẽ Paulo ɖe ga me.


Eye esi mieva Roma la, aʋafia la tsɔ gatɔwo de aʋafia gã la si; ke woɖe mɔ na Paulo bena, woanɔ etɔwo gbɔ kple asrafo, si dzaa eŋu.


bene mava mia gbɔ kple dzidzɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, eye mia kple miawo míagbɔ ɖe eme.


le ƒoƒowo me, le gaxɔwo me, le zitɔtɔwo me, le agbagbadzedzewo me, le ŋudɔdɔwo me, le nutsitsidɔwo me,


Kristo ƒe subɔlawo wònyea? — Mele nu ƒom abe amesi ƒe tame ɖa la ene — Nyee wu: Le agbagbadzedze geɖe wu me, le ƒoƒo geɖe akpa me, le gaxɔmedede geɖe wu me, le ku me agbadre.


ke boŋ, esime wòva Roma la, edim vevie ŋuta, eye wòkpɔm.


Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite