Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 28:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 „Yi dukɔ sia gbɔ, eye nagblɔ bena: To tsɔ ge miala ase nui, ke miele egɔme se ge o, eye ŋkuwo tso ge miala akpa nui, ke miele si dze gee o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 “ ‘Yi dukɔ sia gbɔ, eye nàgblɔ be, “Miaƒe towo ase nyawo, gake miase wo gɔme o. Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu, gake miele si dze gee o.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 28:26
20 Referans Kwoze  

Amevi, ƒome sẽto me nele, amesiwo ŋku li na, ne woatsɔ akpɔ nui, ke womekpɔa nu o, eye to li na wo, ne woatsɔ ase nui, ke womesea nu o, elabena ƒome sẽto wonye.


bena amesiwo le nu kpɔm la, nakpɔ nu, ke womagadze sii o; eye amesiwo le nu sem la, nase nu, ke womagase egɔme o, bena woagatrɔ, ne woatsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo o.


Tete woʋu woƒe tame, bena wòase ŋɔŋlɔawo gome;


Eye wògblɔ na wo bena: O, ame masenugɔmewo kple amesiwo ƒe dzi le blewu be, woaxɔ nusiwo katã nyagblɔɖilawo gblo ɖi la, dzi ase.


Ke egblɔ bena: Miawo la wona mi bena, mianya mawufiaɖuƒe ƒe nu ɣaɣlawo, ke na ame bubuwo la le lododowo me bena, esi wole nu kpam la, ne woagakpɔe o, eye ne wole nu sem la, ne woagase egɔme o.


Dukɔ tsibome manyanu, mise esia, amesiwo ŋku li na, hafi womekpɔa nu o, to li na wo, ke womesea nu o!


nenema nye hã makpɔ dzidzɔ le ŋutasesẽ le wo ŋu ŋuti, eye mahe nusi dzia ŋɔ na wo la, ava wo dzi, elabena meyɔ ame, ke amea ɖeke metɔ o, meƒo nu, ke womesee o, wowɔ nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye wotia nusi medze ŋunye o.


eyata kpɔ ɖa, megaɖe nukunu afia ɖe dzi ɖe dukɔ sia ŋu, nukunuwo ƒe nukunu wòanye, nunya abu ɖe woƒe nunyalawo, eye gɔmesese asi abe ɖe woƒe nugɔmeselawo.


Elabena Yehowa trɔ alɔ̃dɔdɔ sesẽ ƒe gbɔgbɔ kɔ ɖe mia dzi, etre miaƒe ŋkuwò, siwo nye nyagblɔɖilawo, eye wotsyɔ nu miaƒe tawo, siwo nye nunɔlawo.


Mekplɔ mi to gbedzi ƒe blane sɔŋ; ava mevuvu le mia ŋu o, eye afɔkpa mevuvu le afa na mi o.


Eye esi woƒe gbe mesɔ o la, wodzo le nya ɖeka, si Paulo gblɔ la ta bena, Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔe nyuie na nua fofowo to nyagblɔɖila Yesaya dzi bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite