Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 28:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye esi woɖo ŋkeke nɛ la, ame geɖewo va egbɔ le eƒe dzeƒe la, amesiwo wògblɔ nya la na hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Ale woɖo ŋkeke bubu na takpekpe, eye esi ŋkekea ɖo la, ame geɖewo va ƒo ƒu ɖe Paulo ƒe aƒe me. Paulo ɖe mawunya me na wo tsitotsito, le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ŋu, tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖiawo me. Wonɔ takpekpea me tso ŋdi va se ɖe fiẽ ke.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 28:23
19 Referans Kwoze  

Eye esi wòyi ɖe ƒuƒoƒe la me la, egblɔ nya kple dzideƒo, eye ɣleti etɔ̃ sɔŋ wòle nu ƒom, eye wòle mawufiaɖuƒe la ŋutinya ƒom ɖe wo nu, ale bena woxoe se.


elabena etso ŋusẽ ɖu Yudatɔwo dzi, eye wòfia to ŋɔŋlɔ la me le ablɔ me bena, Yesu ye nye Kristo la.


Eye azɔ la mele tsitre be, woadrɔ̃ ʋɔnum le mɔkpɔkpɔ na ŋugbedodo, si Mawu ɖo na mía fofowo la ŋuti;


Eye Filipo ke nu, eye wòdze gome tso ŋɔŋlɔ sia dzi hegblɔ Yesu ŋu nyanyuie la fiae.


Eye wògblɔ na wo bena: Esiawo nye nye nya, siwo megblɔ na mi, esi megali kpli mi la bena: Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu.


Eye wòƒo nu le ƒuƒoƒe la le Sabat sia Sabat dzi; eye wòƒoe ɖe wo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo xɔe se.


Yesu gblɔ na wo bena: Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dom ɖa la ƒe lɔlɔ̃anu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.


kple Apia, mia nɔvinyɔnu, kple Arxipo, mía hadɔwɔla, kpakple hame, si le aƒewò me:


Eye ne menye lododowo o la, meƒoa nu na wo o; ke ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe woli la, eɖea nuwo katã gome fia wo.


elabena nɔvi atɔ̃ le asinye, bena wòaɖi ɖase na wo, bena woawo hã nagava fukpeƒe sia o.


amesiwo hã wòtsɔ eɖokui fia agbagbe le eƒe fukpekpe la megbe to dzesi kɔte geɖewo me, eye wòna wokpɔe le ŋkeke blaneawo me, eye wòle nu ƒom le mawufiaɖuƒe la ŋuti.


Eye le ŋkeke, si dze eyome ƒe zã me la, Aƒetɔ la le tsitre ɖe egbɔ gblɔ bena: Wo dzi nèdze me; elabena alesi nèɖi ɖase le ŋutinye le Yerusalem la, nenema ke wòle be, naɖi ɖase le Roma hã.


Ke mele esia me ʋum na wò bena, mele mía fofowo ƒe Mawu la subɔm le mo, si woyɔna be kɔmamã la nu, ale bena mexɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe se la kple nyagblɔɖilawo me la dzi se,


eye wòle mawufiaɖuƒe la ƒe gbe ƒã ɖem; eye wòle nu fiãm le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti kple dzideƒo ŋutɔ, eye amea ɖeke mexea mɔ nɛ o.


Ke dzra dzeƒe ɖo ɖi na nye hã; elabena mele mɔ kpɔm bena, to miaƒe gbedodoɖawo me la woatsɔm ake mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite