Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 28:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye woawo gblɔ nɛ bena: Miawo ta miexɔ agbalẽwo tso Yudea le ŋutiwò o; eye nɔviwo dometɔa ɖeke hã meva gblɔ nya vɔ̃ alo ƒo nu le ŋutiwò le afisia o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Ameawo ɖo eŋu na Paulo be, “Míawo la, ame aɖeke megagblɔ wò nya aɖeke na mí kpɔ loo alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mí tso Yudea le ŋuwò kpɔ o. Nɔvi Kristotɔ siwo tso Yerusalem va hã dometɔ aɖeke megblɔ nya aɖeke na mí tso ŋuwò kpɔ o.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 28:21
8 Referans Kwoze  

Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye abu tɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!


Amesi le afia tso ge nam la, tsɔ gbɔnye; ameka be, yeahe nya kplim? Mina míava kpe ta! Amesi si nya le ɖe ŋunye la, nete ɖe ŋunye!


Kpɔ ɖa, ŋukpe kple vlododo ava amesiwo katã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la dzi, wò ketɔwo atsrɔ̃, eye wo nu ayi.


abe alesi nunɔlagã la kple amegãwo hã aɖi ɖase nam ene; amesiwo gbɔ hã mexɔ agbalẽ tso hena nɔviawo, eye mezɔ mɔ yi Damasko, be mabia amesiwo le afima la hã ava Yerusalem, bena woahe to na wo.


Ke avũ mawo ɖe ame alo lã ŋu le Israel-viwo katã dome o, bena mianyae be, Yehowa de vovo Egiptetɔwo kple Israel-viwo dome.


Eye azɔ la, nɔviŋutsuwo, menya bena, miewɔe le numanyamanya me abe miaƒe dziɖulawo hã ene.


Afisi miekpɔ nɔviwo le, eye woɖe kuku na mí bena, mianɔ yewo gbɔ ŋkeke adre; eye ale mieva Roma.


Elabena medi bena, nye ŋutɔ mazu busu tso Kristo gbɔ ɖe nɔvinyewo, ƒonyemeawo le ŋutilã nu la ta;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite