Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 28:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la eva me bena, Paulo yɔ amesiwo nye amegãwo le Yudatɔwo dome la ƒo ƒu: eye esi wova ƒo ƒu la, egblɔ na wo bena: Nɔviŋutsuwo, nye la nyemewɔ naneke ɖe dukɔ la alo ɖe mía fofowo ƒe kɔnuwɔwɔawo ŋuti, hafi wodo gatɔm tso Yerusalem hede Romatɔwo si o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu, eye wòƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ afi sia. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o, eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém, eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 28:17
11 Referans Kwoze  

elabena Paulo ɖe eɖokui nu gblɔ bena: Nyemewɔ nuvɔ̃a ɖeke ɖe Yudatɔwo ƒe se la alo ɖe gbeɖoxɔ la alo ɖe kaisaro ŋu o.


elabena miese wògblɔ bena: Yesu, Nazaretetɔ sia lagblẽ teƒe sia, eye wòaɖuɖɔ kɔnuwɔwɔ, siwo Mose tsa de asi na mí.


Ke Paulo gblɔ bena: Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe nye esi mele tsitre ɖo, afisi wòle be, woadrɔ̃ ʋɔnum le; nyemewɔ vɔ̃a ɖeke Yudatɔwo o, abe alesi wò ŋuta hã nenyae nyuie ene.


abe alesi nunɔlagã la kple amegãwo hã aɖi ɖase nam ene; amesiwo gbɔ hã mexɔ agbalẽ tso hena nɔviawo, eye mezɔ mɔ yi Damasko, be mabia amesiwo le afima la hã ava Yerusalem, bena woahe to na wo.


Tete nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo va do ɖe eƒe ŋku me ɖe Paulo ŋuti, eye woɖe kuku nɛ


eye esi woawo va Kaisarea la, wotsɔ agbalẽ la na mɔ̃mefia la, eye wotsɔ Paulo hã de esi;


Elabena yakatsyɔe wofim le Hebritɔwo ƒe anyigba dzi, eye afi sia hã nyemewɔ naneke, hafi wolém de ga o.


Tete Yudatɔwo de zi nyɔnu ŋkutatɔ, siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, eye wona yometiti dzɔ ɖe Paulo kple Barnaba dzi, eye wonyã wo tso woƒe nutoawo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite