Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 28:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye le ɣleti etɔ̃ megbe la mieɖo Aleksandria-ʋua ɖe, si nɔ afima le vuvɔŋɔli me, eye eƒe dzesie nye Venɔviwo, eye mieho.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Míenɔ Mɔlta ƒukpo la dzi ɣleti etɔ̃ hafi gadze mɔ. Míeɖo tɔdziʋu aɖe si woyɔna be Venɔviwo si tso Aleksandria, eye wòva tsi ƒukpoa dzi le vuvɔŋɔli la me.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 28:11
9 Referans Kwoze  

Eye afima aʋafia la kpɔ Aleksandria-ʋua ɖe, si yina ɖe Italia, eye wòna mieɖoe.


Azɔ mienya le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ɖuɖu la ŋuti bena, trɔ̃a ɖeke mele xexe sia me o, eye bena, mawu bubua ɖeke hã meli o, negbe ɖeka hã koe li.


Mi dukɔwo ƒe ame sisiwo, miƒo ta kpli, eye miva, mi katã milé va! Ame manyanuwo wonye, amesiwo lé woƒe aklama kpakpɛ tikpowo ɖe la, eye wole gbe dom ɖa na mawu, siwo meɖea ame o.


Eye amea ɖewo tso ƒuƒoƒe, si woyɔna be Libertine-tɔwo kple Kirenetɔwo kple Aleksandriatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, kpakple amesiwo tso Kilikia kple Asia la, tsi tre hele nusesẽe wɔm kple Stefano.


Tete ŋutsuawo vɔ̃ Yehowa ŋutɔ, wosa vɔ na Yehowa, eye woɖe adzɔgbe.


Tete ʋukulawo vɔ̃, eye wo dome amesiame do ɣli yɔ eƒe mawu, eye wotsɔ ʋua me nuwo ƒu gbe ɖe ƒu me, ne woazu wodzoe, ke Yona ya yi ɖe ʋua gɔme, eye wòmia anyi do alɔ̃ yi me ʋĩ.


Ke esi woto ƒukpo blibo la me vaseɖe Pafo la, wokpɔ Yudatɔa ɖe, si nye afakala kple aʋatsonyagblɔɖila, amesi ŋkɔ nye Baryesu,


amesiwo hã bu mí geɖe ŋutɔ, eye esi miele dzodzo ge la, wotso nusiwo le mia hiãm la na mí.


Eye esi miedze ɖe Sirakusa la, mieno afima ŋkeke etɔ̃.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite