Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 27:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye esi mieto Kilikia-kple Pamfilia-ƒu me yi vɔ la mieva Mira le Likia.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Míeto Kilikia kple Pamfilia ŋu, eye míeva ɖi go ɖe Mira le Likia nuto me.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 27:5
9 Referans Kwoze  

Eye amea ɖewo tso ƒuƒoƒe, si woyɔna be Libertine-tɔwo kple Kirenetɔwo kple Aleksandriatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, kpakple amesiwo tso Kilikia kple Asia la, tsi tre hele nusesẽe wɔm kple Stefano.


Eye esi Paulo kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, ɖo ʋu tso Pafo la, wova Perge le Pamfilia. Eye Yohanes dzo le wo gbɔ gatrɔ yi Yerusalem.


Emegbe la meva Siria kple Kilikia nutoawo me.


eye wògblɔ bena Nye la Yudatɔ menye, wodzim le Tarso le Kilikia; gake la du sia me wonyim le, eye Gamaliel ƒe ato nu wòfiã num le pɛpɛpɛ; le mía fofowo ƒe se la nu la ŋuʋãla ɖe Mawu ŋu menye, sigbe alesi mi katã miele egbe sia ene;


Eye Paulo gblɔ bena: Nye la Yudatɔ menye tso Tarso le Kilikia, du, si menye fetedu o la me to menye; ke meɖe kuku na wò be, nana mɔm, ne maƒo nu na dukɔ la.


Eye wòyi ɖato Siria kple Kilikia hele ŋusẽ ɖom hameawo.


Ke Paulo ɖo bena, yewomatsɔ amesia, si trɔ le wo yome le Pamfilia, eye meyi ɖawɔ dɔ kpli yewo o la, akpe ɖe yewo ɖokui ŋu o.


Eye woŋlɔ agbalẽ de wo si bena: Apostolowo kple hamemegãwo kple nɔviwo ɖuɖɔ nɔvi, siwo tso trɔ̃subɔlawo dome le Antioxia kple Siria kpakple Kilikia la ƒã.


Frigia kple Pamfilia. Egipte kple Libia-nutowo me, si le Kirene gbɔ, kple amesiwo nye amedzrowo tso Roma, Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔwo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite