Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 27:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye esi wova bena, míava dze go ɖe kpe gbadzawo dzi la, woda seke ene to ʋua gɔme hele didim be, ŋu nake.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Ʋua kulawo nya be madidi hafi míava ɖi go o, ke esi wonɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ míava ɖi go ɖe agakpewo dome ta la, woda seke ene ɖe ʋua me hedo gbe ɖa na agu ƒe dzedze.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 27:29
8 Referans Kwoze  

eye esi wohee ɖe dzi la, wotsɔ ka to ʋua te heblae, be woalée ɖe asi. Esi wole vɔvɔ̃m, bena, ɖewohĩ yewoava ge ɖe Sirte, afisi libla le la, woklo abala la, eye ale ya le mía kplɔm.


eye mɔkpɔkpɔ ma le mía si abe luʋɔ ƒe seke, si li dedie, eye wòsesẽ, eye wòyina ɖe xɔmetsovɔ ƒe emelɔƒo la ene,


Eye esi kahelawo le didim bena, yewoasi tso ʋua me, eye woɖiɖi batala ɖe ƒua me, eye woɖa alakpa, abe ɖe wole sekewo da ge ato ʋua ta hã ene la,


Gake la ele na mi be, miadze go ɖe ƒukpoa ɖe dzi.


Nye luʋɔ le mɔ kpɔm na Aƒetɔ la wu zãdzɔla na ŋdi, wu zãdzɔla gɔ̃ na ŋdi.


Ŋdi la agblɔ be: Ao, zã maɖo dzroa! Eye fiẽ la agblɔ be: Ao, ŋu make dzroa! Elabena wò dzi le dzodzom nyanyanya le nu, siwo teƒe wò ŋkuwo le kpɔkpɔm la ta.


eye woda dzidzeka, eye wokpɔ abɔ blave, eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, wogadae, eye wokpɔ abɔ wuiatɔ̃.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite