Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 27:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Gake aʋafia la xɔ kuɖɔɖola kple ʋutɔ la dzi se wu nusiwo Paulo gblɔ la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Ke asrafowo, ame siwo ƒe kpɔkplɔ te gamenɔlawo nɔ la meɖo to Paulo o, ke boŋ wose tɔdziʋua kulawo ƒe amegã ƒe aɖaŋu boŋ.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 27:11
9 Referans Kwoze  

eye amea ɖe se kpẽa ƒe ɖiɖi, ke mena woxlɔ̃ nui o, eye yi la va ɖee ɖa la, ame ma ƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi.


Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.


Ne nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e la, eɣlaa eɖokui; ke ame bebewuwo dea ta eme, eye wòle na wo be, woakpɔ wo tɔnua.


Eye esi wonɔ anyi eteƒe didi naneke maɖumaɖui la, Paulo tsi tre ɖe wo titina gblɔ bena: O, mía tɔwo, ɖe mieɖo tom, eye mieho tso Kreta o la, ne fuɖeɖe kple gbegblẽ sia meva mia dzi o.


Eye ʋumefia sia ʋumefia kple ʋuɖola sia ʋuɖola kple kahela sia kahela kpakple ƒu dzi dɔwɔlawo katã wole tsitre le adzɔge ke.


Eye Israel-fia ɖɔ ame ɖe teƒe, si Mawu ƒe ame la fiae hexlɔ̃ nui le eŋu la, eye wòkpɔ eɖokui dzi nyuie le afima ŋu; menye zi ɖeka o, eye menye zi eve o.


Kpɔ ʋuwo hã ɖa! Wònye wololo, eye ya sesẽ hea wo hafi; gake wotrɔ wo kple kuɖɔ sue ŋutɔ heyia afisiafi, si kuɖɔɖola lɔ̃na.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite