Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 26:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ɣeɖota, esime mele mɔ dzi la, fia, mekpɔ kekeli, si wu ɣe ƒe keklẽ la, tso dziƒo heklẽ ƒo xlã mia kple amesiwo le mɔ zɔm kpakplim la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Esi míenɔ mɔa dzi yina anɔ abe ŋdɔ ga wuieve me lɔƒe ene la, fia Agripa, mekpɔ keklẽ gã aɖe tso dziƒo heklẽ ɖe nye kple ŋunyemewo dzi.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 26:13
10 Referans Kwoze  

Eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me, eye eƒe mo klẽ sigbe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene?


Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi.


Eye ɣletivi adre le eƒe nuɖusi me, eye yi ɖaɖi: nuevee do tso eƒe nu me, eye eƒe mo le keklẽm, abe alesi ɣe klẽna sesĩe ene.


Eye wòva me bena, esi mele mɔ dzi, eye mete tu Damasko, anɔ ɣeɖota la, kasia kekeli, si nu sẽ la, tso dziƒo klẽ ƒo xlãm.


Ke esi wòle mea dzi, eye wògogo Damasko la, kasia keklẽ tso dziƒo klẽ ƒo xlãe;


Gbesigbe Yehowa bia eƒe dukɔ ƒe kakaƒe, eye wòda gbe ƒe eƒe abi, si wòxɔ ŋu la, ɣleti ƒe keklẽ anɔ abe ɣe tɔ ene, eye ɣe ƒe keklẽ adzi ɖe dzi zi gbɔ zi adre abe keklẽ le ŋkeke adre me ene.


Du akpe ɣleti, eye ɣe ƒe mo atsi dã, elabena Yehowa Zebaot ɖu fia le Zion-to la dzi kple Yerusalem, eye atsyɔ̃ɖoɖo le eƒe ame tsitsiwo ŋku me.


Eye amesiwo le ŋutinye hã kpɔ kekeli la, eye ŋɔdzi lé wo ŋutɔ; gake womese amesi le nu ƒom nam la ƒe gbe o.


Esia dzi mele heyi Damasko, eye ŋusẽ kpakple mɔnana le asinye tso nunɔlagãwo gbɔ.


Eye esi mi katã miedze anyi la, mese gbea ɖe ƒo nu nam le Hebri-gbe me bena: „Saul, Saul! Nuka wo nèle yonyeme tim? Esẽ na wò be, nada afɔkpo nutonu.“


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite