Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 26:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Nusi mewo hã le Yerusalem; eye mede ame kɔkɔewo dometɔ geɖewo gaxɔ me le ŋusẽ, si mexɔ tso nunɔlagãwo gbɔ la nu; eye ne wole wo wu ge la, melɔ̃na de edzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Le esia ta la, mexɔ ŋusẽ tso nunɔlagã gbɔ, eye melé xɔsetɔ geɖewo de gaxɔ me le Yerusalem. Gawu la, ne wotso kufia na wo dometɔ aɖe la, medaa asi ɖe nuwɔna sia dzi blibo.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 26:10
17 Referans Kwoze  

Ke Saul gblẽ hame la hegena ɖe aƒewo me, eye wòhea ŋutsuwo kple nyɔnuwo yi ɖadea gaxɔ me.


Eye, amesiwo katã see la, kuvia ɖo wo, eye wogblɔ bena: Alo menye eyae nye amesi gblẽ amesiwo yɔa ŋkɔ sia dzi le Yerusalem, eye eyata wòva afisia ɖo, be yeabia wo akplɔ ayi ɖe nunɔlagãwo gbɔe oa?


Elabena nye enye suetɔ le apostoloawo dome, amesi medze be, woayɔ be apostolo o, elabena meli Mawu ƒe hame la yome.


Eye esi wòva Yerusalem la, ete kpo be, wòamiã eɖokui ɖe nusrɔ̃lawo ŋu; eye wo katã le evɔ̃m, esi womexɔe se bena, nu srɔ̃la wònye o.


Ke Saul kpɔ dzidzɔ le eƒe wuwu ŋuti. Eye le ŋkeke ma ke dzi yometiti gãa ɖe va hame, si le Yerusalem la dzi, eye wo katã woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria-nutoawo me, negbe apostolowo koe mele me o.


Eye woƒu kpe Stefano, si le gbe dom ɖa le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ Yesu, xa nye gbegbe la!


Eye mekpɔ nyɔnu la mu ame kɔkɔewo ƒe ʋu kple Yesu ƒe ɖaseɖilawo ƒe ʋu. Eye esime mekpɔe la, nye mo wɔ yaa geɖe ŋutɔ.


Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, ŋlɔ ɖo ɖe ame kɔkɔewo kple xɔsetɔwo le Kristo Yesu me le Efeso:


Elabena miese nye tsãnyinɔnɔ le Yudatɔnyenye me bena, meɖikpi ti Mawu ƒe hame la yome akpa, eye megblɔe.


Eye wòna asii hekɔe ɖe dzi; eye esi wòyɔ ame kɔkɔeawo kple ahosiawo ve la, etsɔe ɖo woƒe ŋku me agbagbee.


Eye wòva me bena, esi Petro tsa le afiawo katã la, eva ame kɔkɔe, siwo le Lida hã gbɔ.


Ame kɔkɔe, siwo le anyigba dzi, kple ame ŋkulawo ƒe nu nyea ŋunye ŋutɔŋutɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite