Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 25:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 elabena Paulo ɖe eɖokui nu gblɔ bena: Nyemewɔ nuvɔ̃a ɖeke ɖe Yudatɔwo ƒe se la alo ɖe gbeɖoxɔ la alo ɖe kaisaro ŋu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Ke Paulo ɖo eŋu na wo be, “Nyemedze agɔ le ame aɖeke dzi o. Nyemeda Yudatɔwo ƒe se aɖeke dzi o, eye nyemedo vlo gbedoxɔ la hã o. Gawu la, nyemetsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu alo Kaisaro ŋu o.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 25:8
13 Referans Kwoze  

Eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la eva me bena, Paulo yɔ amesiwo nye amegãwo le Yudatɔwo dome la ƒo ƒu: eye esi wova ƒo ƒu la, egblɔ na wo bena: Nɔviŋutsuwo, nye la nyemewɔ naneke ɖe dukɔ la alo ɖe mía fofowo ƒe kɔnuwɔwɔawo ŋuti, hafi wodo gatɔm tso Yerusalem hede Romatɔwo si o.


eye womekpɔm hã mele dze ɖom kple amea ɖe le gbedoxɔ me alo mede zi ameawo me le ƒuƒoƒeawo alo dua me hã kpɔ o.


Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


Eye woawo gblɔ nɛ bena: Miawo ta miexɔ agbalẽwo tso Yudea le ŋutiwò o; eye nɔviwo dometɔa ɖeke hã meva gblɔ nya vɔ̃ alo ƒo nu le ŋutiwò le afisia o.


Eye Yeremya gblɔ na fia Zedekiya bena: Nuvɔ̃ ka mewo ɖe mia kple wò dɔlawo kple dukɔ sia ŋu, hafi mietsɔm ɖe ga me?


Ke Paulo gblɔ bena: Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe nye esi mele tsitre ɖo, afisi wòle be, woadrɔ̃ ʋɔnum le; nyemewɔ vɔ̃a ɖeke Yudatɔwo o, abe alesi wò ŋuta hã nenyae nyuie ene.


amesi te kɔgbegblẽɖo na gbedoxɔ la hã kpɔ; amesi mielé, eye miedi bena, madrɔ̃ ʋɔnui le míaƒe se la nu hafi;


Eye Paulo kpɔ ʋɔnudrɔ̃lawo dzi gã gblɔ bena. Ŋutsuwo, nɔviwo, nye la miezɔ le Mawu fe ŋku me le dzitsinya nyui blibo la katã me vaseɖe egbe ŋkeke sia dzi.


Tete Daniel ƒo nu kple fia la be: Fia nenɔ agbe tegbee!


Elabena yakatsyɔe wofim le Hebritɔwo ƒe anyigba dzi, eye afi sia hã nyemewɔ naneke, hafi wolém de ga o.


Ke mele esia me ʋum na wò bena, mele mía fofowo ƒe Mawu la subɔm le mo, si woyɔna be kɔmamã la nu, ale bena mexɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe se la kple nyagblɔɖilawo me la dzi se,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite