Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 25:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye esi wònɔ wo dome mewu ŋkeke enyi alo ewo o la, edzo yi Kaisarea, eye esi ŋu ke la, ebɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi, eye wòde se bena, woakplɔ Paulo vɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Le ŋkeke enyi alo ewo megbe la, Festus trɔ yi Kaesarea, eye le ŋkeke evea gbe tututu la, eyɔ Paulo ƒe nya la le ʋɔnu.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 25:6
11 Referans Kwoze  

Eyata esi wova afisia la, nyemelala kura o; ke esi ŋu ke la, mebɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi, eye mede se be, woakplɔ ŋutsu lã vɛ.


Ke Paulo gblɔ bena: Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe nye esi mele tsitre ɖo, afisi wòle be, woadrɔ̃ ʋɔnum le; nyemewɔ vɔ̃a ɖeke Yudatɔwo o, abe alesi wò ŋuta hã nenyae nyuie ene.


Ke esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnuɖrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a dɔ ɖo ɖe egbɔ gblɔ bena: Megawɔ naneke kple ame dzɔdzɔe ma o; elabena eto ƒe zã me la mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe le eta.


Ke miawo la miedo vlo ame dahe la. Ɖe menye kesinɔtɔwo sẽa ŋuta le mia ŋuti, eye menye woawoe hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã?


Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.


Azɔ esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu do goe, eye wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi le teƒe, si woyɔna be Kpenyigba, eye le Hebri-gbe me la enye Gabata.


Eye wokpɔ Filipo le Asdod, eye wòle tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia le duawo katã me vaseɖe Kaisarea.


Azɔ esi Festo va dziɖuƒea la, etso Kaisarea yi Yerusalem le ŋkeke etɔ̃ megbe.


Ke Festo ɖo ŋu bena, woadzra Paulo ɖo ɖe Kaisarea, eye bena eya ŋutɔ gale afima yi ge kpuie.


Eye wògblɔ bena: Eyata mia dome amesiwo ate ŋui la, nayi kplim, eye ne vodadaa ɖe le ŋutsu la ŋu la, ne woatso enu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite