Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 25:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 hebia amenuveve tso egbɔ bena, wòana woakplɔe ava Yerusalem, elabena wole xa me be, yewoawui le mɔ dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Wodze agbagba bia amenuveve tso Festus gbɔ be wòaɖo Paulo ɖe Yerusalem enumake kple susu be, yewoabe ɖe mɔa dzi awui.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 25:3
16 Referans Kwoze  

gake Saul se woƒe aɖaŋu vɔ̃ ɖoɖo la. Eye wodzo agboawo gɔ̃ hã ŋu ŋkeke kple zã, bena yewoawui.


Eye nukaŋuti miawo, abe alesi woɖoa vlo mi, eye abe alesi amea ɖewo ɖea aɖe nu me na mí be, miegblɔna bena: „Mina míawɔ nuvɔ̃, bena nu nyui nava“ ene o boŋ mahã? Amesiawo ƒe fɔbubu edzɔ.


eye wòbia agbalẽwoe bena, yeayi Damasko ɖe ƒuƒoƒeawo me, ne yeakpɔ amesiwo le nenem mo sia dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo la, ne yeabia wo akplɔ va Yerusalem.


Eye woawɔ esiawo, elabena womenya Fofo la kple nye hã o.


Tete amegãwo gblɔ na fia la bena: Woawu ŋutsu sia, elabena ele alɔgblɔlɔ dom aʋawɔla, siwo kpɔtɔ ɖe du sia me kple dukɔ blibo la, esi wòle nya siawo tɔgbe gblɔm na wo la; elabena ŋutsu sia mele dukɔ la ƒe nyui dim o, negbe woƒe dzɔgbevɔ̃e ko.


Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.


Mezɔ mɔ enuenu; meɖo ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi, meɖo ŋɔdzi me le adzodalawo dome, meɖo ŋɔdzi me le nye dukɔmeviwo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le trɔ̃subɔlawo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le du me, meɖo ŋɔdzi me le gbedzi, meɖo ŋɔdzi me le atsiaƒu dzi, meɖo ŋɔdzi me le aʋatsonɔviawo dome;


Wò ame vɔ̃ɖi, megade xa ɖe ame dzɔdzɔe ƒe nɔƒe ŋu o; megagblẽ eɖɔƒe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite