Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 25:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye esi ŋu ke la, Agripa kple Bernike wova kple atsyɔ̃ɖoɖo geɖe, eye woyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la kple aʋafia gãwo kple ame ŋkuta, siwo le dua me; eye le Festo ƒe sedede nu la wokplɔ Paulo vɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Le ŋkeke evea gbe tututu la, Agripa kple Benis va do ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la le bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo gã me. Asrafowo kple dumegãwo hã nɔ wo ŋu. Esi woɖi anyi vɔ la, Festus na wokplɔ Paulo va wo ŋkumee.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 25:23
18 Referans Kwoze  

Tete fia la kple mɔ̃mefia la kple Bernike kpakple amesiwo bɔbɔ nɔ anyi kpli wo la, tsi tre,


Eye ŋkekea ɖewo megbe la fia Agripa kple Bernike wova Kaisarea bena, yewoaɖo gbe na Festo.


Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.


Elabena „ŋutilãwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃wo katã le abe gbe ƒe seƒoƒo ene. Gbe ƒuna, eye eƒe seƒoƒo yrɔna;


Elabena ɣe dzena kple ŋdɔbibi, eye wònana gbe la ƒuna, eye eƒe seƒoƒo laduduna, eye eƒe nɔnɔme nyui la gblẽna: Nenema ke kesinɔtɔ hã le yɔyrɔ ge le eƒe zɔzɔ me.


eye amesiwo wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, nanɔ abe ɖe womelé eŋuti dɔ wɔm o ene; elabena xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina.


Eye le ŋkeke ɖoɖoa ɖe dzi, esi Herodes ɖo fiawu la, ebɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, eye wòƒo nu na wo.


Gake Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Heyi, elabena amesia enye dɔwɔnu tiatia nam, be wòatsɔ nye ŋkɔ la ayi ɖe trɔ̃subɔlãwo kple fiawo kpakple Israel-viwo ƒe ŋku me;


Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.


Mana anyigba la nazu aƒedo kple gbegbe, matsi eƒe ŋusẽ, si ŋu wòle adegbe ƒom ɖo la nu, eye Israel-towo atsi ƒeƒle, ale be amea ɖeke magato wo dzi ayi o.


Matsɔ kalẽtɔwo ƒe yi adza wò ame gbogboawo, amesiwo katã nye dukɔ sẽŋutawo; woagblẽ Egipte ƒe atsyɔ̃ dome, eye woatsrɔ̃ eƒe ame gbogboawo katã.


Ŋkeke ado viviti le Taxpanxes, ne meŋe Egipte ƒe atikplɔ, eye mena eƒe ŋusẽ ƒe adegbeƒoƒo nu tso; blukɔ atsyɔ eya ŋutɔ, eye woade aboyo eƒe duwo.


Mana dukɔwo ƒe vɔ̃ɖitɔwo nava xɔ woƒe aƒewo, matsi ŋusẽtɔwo ƒe dàda nu, eye woagblẽ ko ɖo na woƒe kɔkɔeƒewo.


Wò atsyɔ̃ kple wò saŋkuwo ƒe ɖiɖi yi tsieƒe, wotsɔ nyẽwo ɖo aba na wò, eye ŋɔwo tsyɔ dziwò.


Eyata tsieƒe ke eƒe ve me, eye wòke eƒe nu baa, eye Yerusalem ƒe atsyɔ̃, eƒe amehawo, eƒe howɔwɔ kple amesiwo kpɔa dzidzɔ le eme la, age ɖe eme.


Nyagblɔla be: Toflokowo ƒe tofloko, toflokowo ƒe toflokoe; nusianu enye tofloko!


eye wòna wokpɔ eƒe fiaɖuƒe ƒe kesinɔnu veviwo kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ɖoɖo nyuiawo ŋkeke geɖe, ŋkeke alafa ɖeka kple blanyi sɔŋ.


Eye le ŋkeke, si dze eƒe dzi ŋu dzi la Herodes tu aglo le eƒe dzigbeŋkeke dzi na eƒe amegãwo kple aʋafia gãwo kpakple Galilea-me ŋkutawo;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite