Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 25:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye ŋkekea ɖewo megbe la fia Agripa kple Bernike wova Kaisarea bena, yewoaɖo gbe na Festo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Fia Agripa kple nɔvia nyɔnu, Benis ɖi tsa va Festus gbɔ le Kaesarea be yewoakpɔe ɖa.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 25:13
12 Referans Kwoze  

Eye Agripa gblɔ na Paulo bena: Woɖe mɔ na wò be, naƒo nu le ɖokuiwò ŋuti. Tete Paulo do asi ɖa, eye wòɖe eɖokui nu bena:


Eye wokpɔ Filipo le Asdod, eye wòle tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia le duawo katã me vaseɖe Kaisarea.


Toi do via Yoram ɖe fia Dawid, ne wòado gbe nɛ, woadi dzɔgbenyuie ne, eye wõayrae le esi wòwɔ aʋa kple Hadadezer, eye wòsii la ta, elabena Toi kple Hadadezer wole kè me; eye wòhe klosalonuwo, sikanuwo kple akɔblinuwo ɖe asi vɛ.


Ke ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka va gblɔ na Nabal srɔ̃ Abigail bena: Kpɔ ɖa, Dawid dɔ amewo tso gbedzi do ɖe míaƒe aƒetɔ gbɔ, be woaɖo gbe nɛ, ke eda gbe ɖe wo gbɔ.


Esi wosa numevɔ vɔ la, tete Samuel do, eye Saul yi ɖakpee, be yeado gbe nɛ.


eye wode asi gbedodo me nɛ bena: Eme nefa na wò loo, Yudatɔwo ƒe fia!


eɖo go Yuda-fia Axazya nɔviŋutsuwo, eye wòbia bena: Amehawo míenye? Woɖo ŋu bena: Axazya nɔviŋutsuwo mienye, eye mieyina, be míado gbe na fia viŋutsuwo kple fiasrɔ̃ ƒe viŋutsuwo.


Azɔ esi Festo va dziɖuƒea la, etso Kaisarea yi Yerusalem le ŋkeke etɔ̃ megbe.


Ke Festo ɖo ŋu bena, woadzra Paulo ɖo ɖe Kaisarea, eye bena eya ŋutɔ gale afima yi ge kpuie.


Tete esi Festo kple adaŋudelawo ɖe adaŋu la, eɖo ŋu bena: Kaisaro si me nètsɔ wò nya dee, kaisaro gbɔ kee nayi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite