Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 25:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tete esi Festo kple adaŋudelawo ɖe adaŋu la, eɖo ŋu bena: Kaisaro si me nètsɔ wò nya dee, kaisaro gbɔ kee nayi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Nya sia na be Festus trɔ ɖe eŋumewo ŋu eye wodo dalĩ vie. Emegbe la, etrɔ ɖe Paulo gbɔ, gblɔ nɛ be, “Enyo; Paulo, esi nètsɔ wò nya de asi na Kaisaro ta la, míaɖo wo ɖe Kaisaro gbɔ.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 25:12
17 Referans Kwoze  

le nye lala vevie kple mɔkpɔkpɔ la nu be, ŋu nagakpem le naneke me o, hafi boŋ metsɔa dzideƒo blibo la katã bena, alesi wònɔna ɖaa la, nenema ke wòano fifia hã, be woawɔ Kristo gã ɖe nye ŋutilã ŋuti, eɖanye agbe me alo ku me o.


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, Paulo ɖo le Gbɔgbɔ la me be, yeaɖato Makedonia kple Axaya ayi ɖe Yerusalem hegblɔ bena: Ne mede afima megbe la, maɖakpɔ Roma hã ɖa tsã.


Eye esi mieva Roma la, aʋafia la tsɔ gatɔwo de aʋafia gã la si; ke woɖe mɔ na Paulo bena, woanɔ etɔwo gbɔ kple asrafo, si dzaa eŋu.


Eye Agripa gblɔ na Festo bena: Ɖe amesia metsɔ eƒe nya de kaisaro si me o la, ne woate ŋu aɖe asi le eŋu.


Ke esi Paulo bia bena, woadzra ye ɖo na kaisaro ƒe afiatsotso la, meɖo bena, woadzrae ɖo, vaseɖe esime maɖoe ɖe kaisaro gbɔ.


Eye le ŋkeke, si dze eyome ƒe zã me la, Aƒetɔ la le tsitre ɖe egbɔ gblɔ bena: Wo dzi nèdze me; elabena alesi nèɖi ɖase le ŋutinye le Yerusalem la, nenema ke wòle be, naɖi ɖase le Roma hã.


Amekae gblɔ nya wòva me, ne Aƒetɔ la meɖe se hafi o?


esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela.


Eyaŋuti gblɔe na mi, nuka nèsusuna mahã? Woɖe mɔ bena, woadzɔ nu na kaisaro loo, womeɖe mɔ o mahã?


Ne tɔnye medzɔ o, eye mewo nane, si dze ku la, nyemegbe ku o; ke ne nusiwo amesiawo tsɔ le nunye tsom la, ƒe ɖeke mele eme o la, amea ɖeke mate ŋu atsɔm ade asi na wo o. Kaisaro si me metsɔ nye nya dee!


Eye ŋkekea ɖewo megbe la fia Agripa kple Bernike wova Kaisarea bena, yewoaɖo gbe na Festo.


Eye esi woɖoe bena, miaɖo nu ayi Italia la, wotsɔ Paulo kple gatɔ bubua ɖewo de aʋafiaa ɖe, si ŋkɔ enye Yulio tso, kaisaro ƒe asrafoha dome la si.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite