Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 24:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Azɔ le ƒe geɖe megbe la meva be, matsɔ nunanawo na nye dukɔ la, eye masa vɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Menɔ gbedzi ƒe geɖe, eye metrɔ va Yerusalem, hetsɔ ga ɖe asi be mava kpe ɖe Yudatɔwo ŋu, eye masa vɔ na Mawu hã.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 24:17
14 Referans Kwoze  

negbe ɖeko bena miaƒe ŋkuwo nanɔ ame dahewo dzi; nusi kekeake nye hã medoa vevie wɔna.


Elabena nunana sia ƒe subɔsubɔdɔ la menye ɖe wòde ame kɔkɔeawo ƒe hiãtutu nu ɖeɖe o, ke boŋ egba go le akpedada geɖe me hena Mawu hã;


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


bene woaɖem atso tosẽla, siwo le Yudea la si me, eye bena nye subɔsubɔdɔ, si mewɔ hena Yerusalem la, nadze ame kɔkɔewo ŋu nyuie,


Elabena Paulo ɖo be, yeato Efeso ŋu ayi, bena yemagagblẽ ɣeyiɣi le Asia o, elabena ele kplakplakpla dzi, bena ne yete ŋui la, ne yeade Yerusalem le Pentekoste-ŋkeke la dzi.


Tete esi ŋu ke la, Paulo ɖe ŋutsuawo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye esi wòkɔ eɖokui ŋuti kpli wo la, eyi ɖe mawuxɔ la me hele ŋutikɔkɔ ŋkekeawo ƒe nuwuwu gblɔm fia wo, vaseɖe esime woamè nu ɖe wo dome amesiame ta.


Eyata minɔ ŋudzɔ, eye miɖo ŋku edzi bena, le etɔ sɔŋ, zã kple keli, nyemedzudzɔ nuxɔxlɔ̃ mia dome amesiame kple aɖatsiwo o.


Eye wòle mɔ hã kpɔm bena, Paulo ana ga ye: eyaŋuti wòdɔna woɖayɔnɛ vɛ edziedzi, eye woɖoa dze kplii.


ale bena míexlɔ̃ nu Tito bena, alesi ke wòdze egɔme xoxo la, nenema ke wòawu amenuveve sia nu le mia dome hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite