Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 24:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 elabena wò hã ate ŋu àse bena, mewu ŋkeke wuieve o, esime meyi ɖe Yerusalem subɔsubɔ ge;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Anɔ abe ŋkeke wuieve koe nye esi ene, meva ɖo Yerusalem be mawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ me.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 24:11
8 Referans Kwoze  

Eye ŋkeke atɔ̃ megbe la nunɔlagã Anania kple amegãa ɖewo kpakple nyanuɖela Tertulo, va afima, eye woawo ƒo nu na mɔ̃mefia la ɖe Paulo ŋuti.


Eye esi ŋu ke la, Paulo yi ɖe Yakobo ƒe me kpli mí, eye hamemegãwo katã va afima


Azɔ le ƒe geɖe megbe la meva be, matsɔ nunanawo na nye dukɔ la, eye masa vɔ.


Eye wòyɔ aʋafiawo dome ame eve va egbɔ gblɔ bena: Midzra asrafo alafa eve ɖo, ne wòayi Kaisarea kple sɔtɔ blaadre kpakple akplɔtɔ alafa eve le zã gaƒoƒo etɔ̃lia dzi;


Eye le ŋkeke, si dze eyome ƒe zã me la, Aƒetɔ la le tsitre ɖe egbɔ gblɔ bena: Wo dzi nèdze me; elabena alesi nèɖi ɖase le ŋutinye le Yerusalem la, nenema ke wòle be, naɖi ɖase le Roma hã.


Eye ŋu ke, esi wòle didim bena, yeanya nyateƒe la, nusi ŋuti Yudatɔwo va tso enu la, etu kae, eye wòde se bena, nunɔlagãwo kple woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo katã nava ƒo ƒu: eye wokplɔ Paulo ɖi va anyi, eye wotsɔe ɖo wo ŋku me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite