Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 24:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye ŋkeke atɔ̃ megbe la nunɔlagã Anania kple amegãa ɖewo kpakple nyanuɖela Tertulo, va afima, eye woawo ƒo nu na mɔ̃mefia la ɖe Paulo ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, nunɔlagã Anania kple eŋumewo yi Kaesarea be yewoatsɔ nya ɖe Paulo ŋu. Ame siwo nɔ Anania ŋu la woe nye, Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖewo kple senyala Tertulo.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 24:1
15 Referans Kwoze  

elabena wò hã ate ŋu àse bena, mewu ŋkeke wuieve o, esime meyi ɖe Yerusalem subɔsubɔ ge;


Ke nunɔlagã Anania de se na amesiwo le tsitre ɖe egbɔ la bena, woaƒo nugbɔ nɛ.


Tete nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo va do ɖe eƒe ŋku me ɖe Paulo ŋuti, eye woɖe kuku nɛ


Mabia wò numegbe ase nyuie, ne nuwòtsolawo hã va. Eye wòde se be, woakpe edzi le Herodes ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe la me.


Ke esi wova fi tofi nam bena, Yudatɔwo le xa de ge ɖe ŋutsua ŋuti la, meɖoe ɖe gbɔwò le gaƒoƒo ma ke dzi, eye mede se na enutsolawo hã bena, woava gblɔ nusiwo wokpɔ le eŋuti la le gbɔwò. Nɔ anyi sesĩe!


eye woadzra lãwo hã ɖo, bena woatsɔ Paulo aɖo wo dzi, eye woakplɔe ayi na mɔ̃mefia Felike dedie.


Ke esi wòsusɔ ʋee, ne woawu ŋkeke adreawo nu la, Yudatɔwo tso Asia, esi wokpɔe le mawuxɔa me la, wode zi ameha blibo la katã me eye woɖo asi edzi


Elabena ame vɔ̃ɖiwo vu da me, wotsɔ woƒe aŋutrɔwo ɖo daka dzi, be yewoate amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la, le blukɔ me.


eye nye nyagbɔgblɔ kple nye gbeƒãɖeɖe mele nunya ƒe nya, siwo ƒoa nya ɖe ame nu la me o; ke boŋ le Gbɔgbɔ kple ŋusẽ ƒe ɖeɖefia la me,


Eye nye hã, esime meva mia gbɔ la, nɔviwo, nyemetsɔ nya gã gbɔgblɔ alo nunya gã va le Mawu ƒe ɖaseɖiɖi gblɔm le mia fiãm o.


amesia ŋuti, esime meva Yerusalem la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo gblɔ nya ɖo hebia afiatsotso le.


Eye le ŋkeke ɖoɖoa ɖe dzi, esi Herodes ɖo fiawu la, ebɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, eye wòƒo nu na wo.


ame blaatɔ̃wo ƒe amegãwo, ame ŋkutawo, adaŋudelavvo, aɖaŋuawo ƒe amegãwo kple dzotɔwo.


eye esi woawo va Kaisarea la, wotsɔ agbalẽ la na mɔ̃mefia la, eye wotsɔ Paulo hã de esi;


Eye esi woyɔe ve la, Tertulo de asi enutsotso me bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite