Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 23:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 eye esi woxlẽe la, ebia bena, dziɖuƒe ka me wòtsoa? Eye esi wose bena, etso Kilikia la, egblɔ bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

34 Esi mɔmefiagã la xlẽ agbalẽ la vɔ la, ebia du si me tɔ Paulo nye lae eye Paulo ɖo eŋu be, “Metso Kilikia.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 23:34
9 Referans Kwoze  

Eye Paulo gblɔ bena: Nye la Yudatɔ menye tso Tarso le Kilikia, du, si menye fetedu o la me to menye; ke meɖe kuku na wò be, nana mɔm, ne maƒo nu na dukɔ la.


Azɔ esi Festo va dziɖuƒea la, etso Kaisarea yi Yerusalem le ŋkeke etɔ̃ megbe.


Eye wòyi ɖato Siria kple Kilikia hele ŋusẽ ɖom hameawo.


Eye amea ɖewo tso ƒuƒoƒe, si woyɔna be Libertine-tɔwo kple Kirenetɔwo kple Aleksandriatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, kpakple amesiwo tso Kilikia kple Asia la, tsi tre hele nusesẽe wɔm kple Stefano.


Eye esi Pilato se Galilea ŋkɔ la, ebia be, Galileatɔ enye ame la mahã?


Mediatɔ Dario xɔ fiaɖuƒe la, esime wòtsi xɔ ƒe blaade vɔ eve.


Eye Daniel ɖe kuku na fia la wòtsɔ Babel-nyigba ƒe dziɖuɖudɔwo de asi na Sadrax, Mesax kple Abed-Nego. Ke Daniel ŋutɔ ya nɔ fiaƒe me.


Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo ɣemaɣi le dzinu etɔ̃lia, si nye dzinu Siwan la ƒe ŋkeke blave vɔ etɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ la, abe alesi Mardoxai de se pɛpɛpɛ ene, le anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ nu, ɖe dukɔ sia dukɔ: ƒe gbegbɔgblɔ, me, le Yudatɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ nu, ɖe woƒe gbegbɔgblɔ me, ɖo ɖe Yudatɔwo kple amegãwo, anyigba dzikpɔlawo kple anyigbawo ƒe tatɔwo tso India vaseɖe Kus, wole anyigba alafa ɖeka kple blave vɔ adre


Eva me le Axasweros ŋɔli — eya nye Axasweros, si ɖu anyigba alafa ɖeka kple blave vo adre dzi, tso India vaseɖe Kus —


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite