Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 23:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Klaudio Lisia tsɔ esia ɖuɖɔ mɔ̃mefia nyui Felike ƒã!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Klaudio Lisia, Na Bubutɔ, mɔ̃mefia Felix, Xɔ gbedoname nyui sia.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 23:26
9 Referans Kwoze  

Eye woŋlɔ agbalẽ de wo si bena: Apostolowo kple hamemegãwo kple nɔviwo ɖuɖɔ nɔvi, siwo tso trɔ̃subɔlawo dome le Antioxia kple Siria kpakple Kilikia la ƒã.


Ke Paulo gblɔ bena: Nyemele tsu kum o, amegã nyui Festo; hafi boŋ nyateƒe kple tamebubunyawo gblɔm mele.


Esi miekpɔ bena, to dziwò miekpɔ tomefafa geɖe kple nuwo ɖɔɖɔɖo to wò beléle na dukɔ sia me la, miaƒe ŋkuwo le nusiawo katã dzi le afisiafi kple akpeawo katã ɖada na wò, Felike nyui.


enyo nye hã ŋu, esi medzro wo katã me kpɔ tsitotsito vaseɖe egɔme ke bena, maŋlɔe na wò ɖekaɖeka, amegã Teofil,


ke mele mɔ kpɔm bena, mava akpɔ wò ɖa kaba, eye ne mieɖo go ŋku me kple ŋku me la, míaƒo nu.


Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla, do gbe na ƒome wuieve, siwo ka hlẽ la.


eye woadzra lãwo hã ɖo, bena woatsɔ Paulo aɖo wo dzi, eye woakplɔe ayi na mɔ̃mefia Felike dedie.


Eye wòŋlɔ agbalẽ, si me nyawo nye:


eye esi woawo va Kaisarea la, wotsɔ agbalẽ la na mɔ̃mefia la, eye wotsɔ Paulo hã de esi;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite