Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 23:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Tete Paulo ya aʋalawo dometɔ ɖeka va egbe gblɔ bena: Kplɔ ɖekakpui sia yi aʋafia gã la gbɔ, elabena nyaa ɖe le esi be, wòaka eta nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Paulo yɔ asrafowo dometɔ ɖeka, eye wòbia tso esi be wòakplɔ ɖekakpui la yi asrafoawo ƒe amegã gbɔe, elabena nya aɖe le esi wòdi be yeagblɔ nɛ.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 23:17
8 Referans Kwoze  

Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.


Eye wòyɔ aʋafiawo dome ame eve va egbɔ gblɔ bena: Midzra asrafo alafa eve ɖo, ne wòayi Kaisarea kple sɔtɔ blaadre kpakple akplɔtɔ alafa eve le zã gaƒoƒo etɔ̃lia dzi;


Eye esi aʋafia la see la, eyi ɖatoe na aʋafia gã la bena: Nuka wɔ ge nala? Elabena amesia nye Romatɔ.


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


Azɔ asrafoha kple aʋafia gã la kple Yudatɔwo ƒe dɔlawo lé Yesu, eye wobiae,


Ke esi Paulo ƒe srɔ̃nyi se xadedea la, eta edzi heyi mɔ̃ la me, eye wòka eta na Paulo.


Amesia kplɔe yi ɖe aʋafia gã la gbɔ, eye wògblɔ bena: Gatɔ Paulo yɔm va egbɔ, eye wòɖe kuku nam bena, makplɔ ɖekakpui sia va gbɔwò; elabena nyaa ɖe le esi be, wòagblɔ na wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite