Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 22:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 abe alesi nunɔlagã la kple amegãwo hã aɖi ɖase nam ene; amesiwo gbɔ hã mexɔ agbalẽ tso hena nɔviawo, eye mezɔ mɔ yi Damasko, be mabia amesiwo le afima la hã ava Yerusalem, bena woahe to na wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Yudatɔwo ƒe nunɔlagã kple amegã ɖe sia ɖe ate ŋu aɖi ɖase na mi le nya siawo ŋu, elabena mexɔ agbalẽ tɔxɛ tso wo gbɔ le Yerusalem si na ŋusẽm be mayi wo nɔviwo Yudatɔwo ƒe amegãwo gbɔ le Damasko, eye woakpe ɖe ŋunye be malé Kristotɔ siwo katã le dua me la, akplɔ wo va Yerusalem be woahe to na wo.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 22:5
21 Referans Kwoze  

Eye esi ŋu ke la, dumegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo ɖi anyi, eye wokplɔe heyi ɖe woƒe takpekpe la me gblɔ bena: Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi.


Eye esi wosee la, woto dzi yi mawuxɔ me le ŋdikanya, eye wòfiã nu. Ke nunɔlagã kple amesiwo le eŋu la, wova, eye woyɔ adaŋudelawo kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo katã va ƒo ƒu, eye wodo ɖo ɖe gaxɔ me, be woakplɔ wo vɛ.


Megawɔ ƒome le amenuvevenunana, si le mewo, si wona wò to nyagblɔɖi me, esime hamemegãwo da woƒe asiwo ɖe dziwò la ŋuti o.


Eye woawo gblɔ nɛ bena: Miawo ta miexɔ agbalẽwo tso Yudea le ŋutiwò o; eye nɔviwo dometɔa ɖeke hã meva gblɔ nya vɔ̃ alo ƒo nu le ŋutiwò le afisia o.


Esia dzi mele heyi Damasko, eye ŋusẽ kpakple mɔnana le asinye tso nunɔlagãwo gbɔ.


Nusi mewo hã le Yerusalem; eye mede ame kɔkɔewo dometɔ geɖewo gaxɔ me le ŋusẽ, si mexɔ tso nunɔlagãwo gbɔ la nu; eye ne wole wo wu ge la, melɔ̃na de edzi.


Ŋutsuwo, nɔviwò kple fofowo, miɖo to alesi mele ɖokuinye nu ɖe ge azɔ la na mi.


Ŋutsuwo, nɔviwò, Abraham ƒomeviwo kple mia dome amesiwo vɔ̃a Mawu la, miawoe wotsɔ xɔxɔnya sia ɖo ɖa.


eye afisia hã ekpɔ ŋusẽ tso nunɔlagãwo gbɔ, be woabia amesiwo katã yɔa wò ŋkɔ dzi.


Eye wòva me le ŋdi bena, woƒe dziɖulawo kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo ƒo ƒu ɖe Yerusalem,


Eye le ŋkeke siawo me la Petro tsi tre ɖe nɔviawo titina (ameha, si ƒo ƒu la, nu anɔ alafa ɖeka kple blave), eye wògblɔ bena;


Ŋutsuwo kple nɔviwo! Mɔ li be, magblɔ nya na mi kple dzideƒo le tɔgbui Dawid la: ŋuti, bena eku, eye woɖii, eye eƒe: yɔdo le mía dome vaseɖe egbegbe.


Eye azɔ la, nɔviŋutsuwo, menya bena, miewɔe le numanyamanya me abe miaƒe dziɖulawo hã ene.


Eye Paulo kpɔ ʋɔnudrɔ̃lawo dzi gã gblɔ bena. Ŋutsuwo, nɔviwo, nye la miezɔ le Mawu fe ŋku me le dzitsinya nyui blibo la katã me vaseɖe egbe ŋkeke sia dzi.


Ke esi Paulo nyae bena, akpa ɖeka nye zadukitɔwo, eye akpa bubu nye farisitɔwo la, edo ɣli le ʋɔnudrɔ̃ƒe la gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo! Nye la farisitɔ kple farisitɔ ƒe vi menye, nukpɔkpɔ kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ta wole ʋɔnu drɔ̃mem ɖo.


Eye mese ŋuta le wo ŋu enuenu le ƒuƒoƒeawo katã, eye mezia wo dzi, bena woagblɔ busunya, eye esi meku tsu gɔ̃ hã ɖe wo ŋuti la, metia wo yome yia du bubuwo ke hã me.


Eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la eva me bena, Paulo yɔ amesiwo nye amegãwo le Yudatɔwo dome la ƒo ƒu: eye esi wova ƒo ƒu la, egblɔ na wo bena: Nɔviŋutsuwo, nye la nyemewɔ naneke ɖe dukɔ la alo ɖe mía fofowo ƒe kɔnuwɔwɔawo ŋuti, hafi wodo gatɔm tso Yerusalem hede Romatɔwo si o.


Elabena miese nye tsãnyinɔnɔ le Yudatɔnyenye me bena, meɖikpi ti Mawu ƒe hame la yome akpa, eye megblɔe.


le ŋuʋaʋã nu la hame yometila menye; le dzɔdzɔenyenye, si le sea me nu la mokaka manɔŋutɔ menye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite