Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 22:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye Anania, ŋutsua ɖe, si vɔ̃a Mawu le sea nu, amesi ŋu Yudatɔ, siwo katã le afima, ɖi ɖase nyuie le la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 “Le afi ma la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Anania la va gbɔnye. Anania nye Yudatɔ, ame si mefena kple Yudatɔwo ƒe sewo o, ale Yudatɔ siwo katã le Damasko la tsɔ bubu tɔxɛ nɛ.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 22:12
10 Referans Kwoze  

Eye wogblɔ bena: aʋafia Kornelio, ame dzɔdzɔe kple amesi vɔ̃a Mawu, amesi ŋuti Yuda-dukɔ blibo la katã ɖi ɖase nyuie le la, eya mawudɔla kɔkɔea ɖe de se na be, nedɔ, ne woayi ɖayɔ wò va eƒe me, bena wòase nyawo tso gbɔwò.


Eyata, nɔviwo, miyi ɖadi mia dome ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖasediɖi nyui, eye woyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya la, amesiwo míaɖo ɖa sia nu.


Demetrio kpɔa ɖaseɖiɖi nyui tso amewo katã kple nyateƒe la ŋutɔ hã gbɔ, eye miawo hã míele ɖase ɖim le eŋuti, eye ènyae bena, míaƒe ɖaseɖiɖi enye nyateƒe.


Elabena eya me blematɔwo kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le.


Ke ele ne be, wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui atso amesiwo le egodo la hã gbɔ, bene wòagadze dzudzu kple Abosam ƒe mɔ̃tetre me o.


to bubu kple ŋukpe me, to ɖaseɖiɖi vɔ̃ kple ɖaseɖiɖi nyui me; abe ameblelawo ene, gake nyateƒetɔwoe;


Eye wo dome amea ɖewo xɔe se, eye woku ɖe Paulo kple Sila ŋu kple Helatɔ, siwo vɔ̃a Mawu la dome ame geɖe, kple nyɔnu ŋkutatɔwo, menye ame ʋeea ɖe o.


Eye ŋutsu, siwo vɔ̃a Mawu la, ɖi Stefano, eye wofa konyi nɛ ŋutɔ.


Eye kpɔ ɖa, amea ɖe le Yerusalem, si ŋkɔ enye Simeon: amesia enye ame dzɔdzɔe kple mawumeme, si le Israel aƒe akɔfafa lalam, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe le eyama dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite