Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 21:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye esi míetso Tiro va Ptolemai la, miewu ƒudzimɔzɔzɔ la nu, eye miedo gbe na nɔviawo, eye mieno wo gbɔ ŋkeke ɖeka.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Tso Tiro la, míeva tɔ ɖe Pitolemia, eye míenɔ afi ma hã ŋkeke ɖeka hesrã hame si le afi ma kpɔ.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 21:7
13 Referans Kwoze  

Miɖuɖɔ mia nunɔlawo katã kple ame kɔkɔewo katã nam ƒã. Amesiwo tso Italia la, ɖuɖɔ mi ƒã.


Eye esi miedze ɖe Sirakusa la, mieno afima ŋkeke etɔ̃.


Eye ŋkekea ɖewo megbe la fia Agripa kple Bernike wova Kaisarea bena, yewoaɖo gbe na Festo.


Eye esi wòdo gbe na wo la, exlẽ nusiwo katã Mawu wo le trɔ̃subɔlawo dome to eƒe subɔsubɔ me la na wo ɖekaɖeka.


Eye esi míenɔ afima xɔ ŋkekea ɖewo la, nyagblɔɖilaa ɖe, si ŋkɔ nye Agabo la, tso Yudea va.


Eye esi wòva ɖi go ɖe Kaisarea la, eyi Yerusalem ɖado gbe na hame la, eye wòto edzi heyi ɖe Antioxia.


Eye dome vee ɖe Tirotowo kple Zidontɔwo ŋu; ke wova egbɔ kple nu sɔsɔe, eye esi wowɔ xɔlɔ̃ kple Blasto, si nye fia ƒe nuwo dzikpɔla la, wòbia tomefafa; elabena woƒe anyigba kpɔa nunyiame tso fia la tɔ dzi.


Eye ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele? Alo menye xexemeviwo hã wɔa nenema ke o ɖe?


Esi wosa numevɔ vɔ la, tete Samuel do, eye Saul yi ɖakpee, be yeado gbe nɛ.


Woana ɖoaƒe wò, eye ne wotsɔ abolo eve na wò la, naxɔe!


Eye le ŋkeke siawo me la Petro tsi tre ɖe nɔviawo titina (ameha, si ƒo ƒu la, nu anɔ alafa ɖeka kple blave), eye wògblɔ bena;


Eye esi Kipro le dzedzem, eye míeɖee ɖe mia me la, míeyi Siria; eye míeɖi go ɖe Tiro; elabena afima ʋua le eƒe agbawo ku ge ɖo.


Eye esi míeɖo Yerusalem la, nɔviawo xɔ mi kple dzidzɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite