Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 21:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Tete aʋafia gã la te ɖe wo ŋu, eve wòlée, eye wòde se be, woablae kple kɔsɔkɔsɔ eve; eye wòbia amesi wònye kple nusi wòwɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

33 Asrafoawo ƒe amegã la na wolé Paulo, eye woblae sesĩe kple gakɔsɔkɔsɔ. Azɔ etrɔ ɖe ameha la gbɔ, eye wòbia ame si Paulo nye kple nu vɔ̃ si wòwɔ la wo.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 21:33
18 Referans Kwoze  

esi ŋuti menye ame dɔdɔ le kɔsɔkɔsɔ me, bene dzi nado ƒonye le eme, abe alesi wòdzem be, maƒo nu ene.


Eye esi wòva mía gbɔ la, etsɔ Paulo ƒe alidziblanu hebla ye ŋutɔ ƒe afɔwo kple asiwo gblɔ bena: Ale Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ esi: Ale Yudatɔwo abla ŋutsu, alidziblanu sia tɔ, le Yerusalem enye si, eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo.


negbe bena Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖia ɖase nam le du sia du me gblɔ bena, bablawo kple momenuvevewo le lalayem.


Ke gbesigbe Herodes le eɖe ge ɖe go afia ƒe zã me la, Petro le alɔ̃ dɔm hele babla kple kɔsɔkɔsɔ eve le asrafo eve dome, eye dzɔlawo le ʋɔtrua nu hele gaxɔ la ŋuti dzɔm.


Le nya sia ta meyɔ mi vɛ, bena makpɔ mi, eye ne maƒo nu kpli mi; elabena Israel ƒe mɔkpɔkpɔ ta wòbiam kple kɔsɔkɔsɔ sia ɖo.


Tete amesiwo be, yewoaƒoe abia eƒe numenya ase la, dzo le egbɔ enumake, eye aʋafia gã la hã, esi wose bena, Romatɔ wònye la, evɔ̃; elabena ena wobiae.


nusi ŋuti mekpe fu ɖo yiɖase bablawo me, abe nuvɔ̃wɔla ene; gake womebu mawunya la o.


Aƒetɔ la nakpɔ nublanui na Onesiforo ƒe aƒe la; elabena ena nye dzi gbɔ ɖe eme enuenu, eye ŋu mekpenɛ le nye kɔsɔkɔsɔwo ŋuti o;


Ke Paulo gblɔ bena: Medi bena, Mawu nana be, ne esusɔ ʋee alo geɖe la, menye wò ɖeɖeko o, hafi boŋ amesiwo katã le to ɖomem egbe la, natrɔ zu esia tɔgbe abe nye ene, negbe babla siawo ko.


Meɖo ŋu na amesiawo bena, menye Romatɔwo ƒe kɔ bena, woatsɔ amea ɖe aɖe asi, hafi amesi nu wotso kple nutsolawo nakpe ŋku me kple ŋku me, eye wòakpɔ mɔ aɖe eɖokui nu le nutsotso la ŋuti o.


Eye Filistitowo lee heŋɔ eƒe ŋkuwo, eye wokplɔe yi Gaza: wode akɔbli kɔsɔkɔsɔe, eye ele ne be, wòanɔ wɔ tum le gaxɔ me.


Tete Delila tsɔ ka yeyewo biae, eye wògblɔ nɛ bena: Simson, Filistitowo ƒo ɖe dziwò loo! Ke amewo de xa ɖe xogã me. Tete wòtso kawo le aba abe ɖeti ŋuɖekɛ ene.


Tete Filistitowo ƒe amegãwo tsɔ atagbi yeye adre, siwo meƒu haɖe o la vɛ, eye nyɔnu la tsɔ wo biae.


Woɖo ŋu ne bena: Kpao, ɖeko miebe, miabla wò aɖade asi na wo, ke miele wu wò ge ya o. Eye woblae kple atagbi yeye eve hekplɔe tso agato la me.


Eye ŋu ke, esi wòle didim bena, yeanya nyateƒe la, nusi ŋuti Yudatɔwo va tso enu la, etu kae, eye wòde se bena, nunɔlagãwo kple woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo katã nava ƒo ƒu: eye wokplɔ Paulo ɖi va anyi, eye wotsɔe ɖo wo ŋku me.


abe alesi wòdzo nam bena, masusu esia le mi katã mia ŋuti ene; elabena miele nye dzi me le nye kɔsɔkɔsɔwo kple nyanyuie la taʋiʋli kpakple kakaɖedzi la me; elabena mi katã míenye nye hagomekpɔlawo le amenuveve la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite