Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 21:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Le gaƒoƒo ma ke dzi wòɖe asrafowo kple aʋafiawo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye wòƒu du ɖi yi ɖe wo dome; ke woawo la, esi wokpɔ aʋafia gã la kple asrafoawo la, wodzudzɔ Paulo ƒoƒo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Asrafomegã la ɖe eƒe asrafo aɖewo ɖo ɖa be woaɖatsi ʋunyaʋunya la nu. Esi amehawo kpɔ asrafoawo wogbɔna ko la, wodzudzɔ Paulo ƒoƒo.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 21:32
8 Referans Kwoze  

Ŋutsu sia la Yudatɔwoe lée, eye wode ewu ge kloe, esime nua kple asrafoha la mieva ɖo wo gbã, eye míexɔe le wo si, esi mese bena, Romatɔ wònye.


Tete woɖo toe; eye esi woyɔ apostoloawo ve la, woƒo wo, eye wode se na wo be, woagaƒo nu le Yesu ƒe ŋkɔa dzi o, eye wodo mo wo.


Aƒetɔ, Yehowa Zebaot ƒe gbe enye si be: Nukaŋuti mienyã avuzi le nye dukɔ dzi, eye mieto hiãtɔwo ƒe mo nyanyanya?


amesi te kɔgbegblẽɖo na gbedoxɔ la hã kpɔ; amesi mielé, eye miedi bena, madrɔ̃ ʋɔnui le míaƒe se la nu hafi;


Eye megblɔ bena: Aƒetɔ, woawo ŋutɔwo nyae bena, nyee nye amesi nɔa amesiwo xɔa dziwò sena la dem gaxɔ me, eye meƒoa wo le ƒuƒoƒe sia ƒuƒoƒe,


Tete wo katã wòlé Sostene, ƒuƒoƒe la ƒe amegã, eye woƒoe le ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. Eye Galio metsɔ ɖeke le nusiawo me o.


Azɔ asrafoha kple aʋafia gã la kple Yudatɔwo ƒe dɔlawo lé Yesu, eye wobiae,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite