Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 21:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Eye esi wole didim bena, yewoawui la, nya la ɖo asrafoha ƒe aʋafia gã la gbɔ bena: Yerusalem-du blibo la katã zu ʋunyaʋunya.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Esi wobe yewoawui ko la, ame aɖe yi ɖagblɔ na Romasrafowo ƒe amegã be ʋunyaʋunya gã aɖe le edzi yim le Yerusalem dua me.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 21:31
19 Referans Kwoze  

Ke esi Yudatɔwo ʋã ŋu la, wotsɔ ablɔmeme vlowo dome ŋutsu vɔ̃ɖia ɖewo kpe ɖe wo ɖokui ŋu, eye esi wona ameawo ƒo zi la, dua me ɖi hoo, eye wova tsi tre ɖe Yason ƒe xɔ nu, eye wodi bena, yewoakplɔ wo ayi ɖe ameha la me.


Eye esi ŋu ke la, Agripa kple Bernike wova kple atsyɔ̃ɖoɖo geɖe, eye woyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la kple aʋafia gãwo kple ame ŋkuta, siwo le dua me; eye le Festo ƒe sedede nu la wokplɔ Paulo vɛ.


Ke Felike, esi wonyã nu le mɔ sia ŋuti kɔte la, ehe woƒe nya ɖe megbe hegblɔ bena: Ne aʋafia gã Lisia va la, mabia miaƒe nya la gɔme ase.


amesi te kɔgbegblẽɖo na gbedoxɔ la hã kpɔ; amesi mielé, eye miedi bena, madrɔ̃ ʋɔnui le míaƒe se la nu hafi;


Tete Paulo ya aʋalawo dometɔ ɖeka va egbe gblɔ bena: Kplɔ ɖekakpui sia yi aʋafia gã la gbɔ, elabena nyaa ɖe le esi be, wòaka eta nɛ.


Eye woɖo toe vaseɖe nya sia dzi; tete wokɔ woƒe gbe dzi gblɔ bena: Miɖe amesia tɔgbe ɖa tso anyigba la dzi, elabena mele nɛ be, wòanɔ agbe o.


Ekema menye wòe nye Egiptetɔ ma, amesi na zi ta le ŋkeke siawo me, eye wòkplɔ hlɔ̃dola akpe ene yi gbedzi la oa?


Elabena miaɖo xaxa me, ne woatsɔ egbe nya atso mía nu le zitɔtɔ ŋuti, elabena nyaa ɖeke mele mia si, si ŋu míate ŋu ana akɔnta le le ziƒoƒo sia ŋuti o.


Eye ŋutsua ɖe le Kaisarea, eŋkɔe nye Kornelio, amesi nye aʋafia le asrafoha, si woyɔna bena Italiatɔwo tɔ la nu,


Azɔ asrafoha kple aʋafia gã la kple Yudatɔwo ƒe dɔlawo lé Yesu, eye wobiae,


Woaɖe mi le woƒe ha me, ẽ, gaƒoƒo li gbɔna bena, amesiame, si awu mi la, abu xa bena, yele subɔsubɔdɔ wɔm na Mawu.


elabena wogblɔ bena: Menye ŋkekenyuie la dzi o, bena zi nagatɔ le dukɔ la dome o.


Ke wogblɔ bena: Menye le ŋkekenyuie la dzi o, bena zi nagatɔ le dukɔ la dome o.


Esi Adoniya kple amesiwo katã wokpe ɖe egbɔ la, ɖu nua vɔ tete la, wosee. Ke esi Yoab se kpẽawo ƒe ɖiɖi la, egblɔ bena: Howɔwɔ ka enye si le ɖiɖim le dua me?


Tete mɔ̃mefia la ƒe asrafowo tso Yesu, eye wokplɔe yi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe, eye asrafoha blibo la katã ƒo ƒu ɖe eŋuti.


Le esia ŋuti Yudatɔwo lém le mawuxɔ la me, eye wode wu ye ge kloe.


ke aʋafia gã Lisia va, eye wòxɔe le mía si kple sesẽ heyii.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite