Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 21:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Eye du blibo la katã tɔ zi, eye ameawo le du ƒum va le ta kpem, eye wole Paulo, eye wohee do goe tso mawuxɔ la me, eye wodo ʋɔtruawo enumake.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 Zitɔtɔ gã aɖe dzɔ le dua me le nya sia ta, eye wolé Paulo, hee do goe le gbedoxɔ la me hedo ʋɔa.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 21:30
9 Referans Kwoze  

Le esia ŋuti Yudatɔwo lém le mawuxɔ la me, eye wode wu ye ge kloe.


Mezɔ mɔ enuenu; meɖo ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi, meɖo ŋɔdzi me le adzodalawo dome, meɖo ŋɔdzi me le nye dukɔmeviwo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le trɔ̃subɔlawo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le du me, meɖo ŋɔdzi me le gbedzi, meɖo ŋɔdzi me le atsiaƒu dzi, meɖo ŋɔdzi me le aʋatsonɔviawo dome;


Eye du blibo la katã yɔ fũ kple ʋunyaʋunyawɔwɔ, eye woƒu du r--- kple tame ɖeka yi ɖe dukɔ la ƒe takpeƒe, eye wohe Gayo kple Aristarxo, Makedoniatɔ, siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhawo la, yii.


eye wotsi tre, eye wotu asi ʋume nɛ do go le dua me, eye wokplɔe vaseɖe to, si dzi wotso woƒe dua ɖo la, ƒe abunu, bena woatrɔ gboe aƒu abu me.


Eye esi wòva Yerusalem la, du blibo la katã ƒo zi gblɔ bena: Ameka nye esia?


Ke esi fia Herodes se esia la, dzika tso eya kple Yerusalem katã ƒo.


Tete nunɔla Yehoyada de se na ame alafawo ƒe amegãwo, siwo nye aʋakɔ la ƒe kplɔlawo gblɔ na wo bena: Mikplɔe to amea wo dome, eye ne amea ɖe dze eyome la, mi wui kple yi! Elabena nunɔla la gblɔ be, womawui ɖe Yehowa ƒe aƒe la me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite