Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 21:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye esi wosee la, wokafu Mawu, eye wogblɔ nɛ bena: Nɔvi, èle kpɔma, alesi ame akpeakpewo xɔe se le Yudatɔwo dome, eye wo katã wonye ŋuʋãlawo ɖe se la ŋu;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Hamemegãwo katã kpɔ dzidzɔ, kafu Mawu, ke wogblɔ na Paulo be, “Yudatɔ geɖewo hã zu Kristotɔwo gake woƒe ɖoɖoe nye be ele be Yudatɔ xɔsetɔ ɖe sia ɖe nagawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 21:20
28 Referans Kwoze  

Elabena mele ɖase ɖim na wo bena, wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze o.


Eye mede ŋgɔgbe le Yudatɔnyenye me wu nye hati geɖewo le nye dukɔ la dome, eye meɖikpi ʋã ŋu akpa le mía fofowo ƒe nuɖoanyiwo ŋuti.


eye wògblɔ bena Nye la Yudatɔ menye, wodzim le Tarso le Kilikia; gake la du sia me wonyim le, eye Gamaliel ƒe ato nu wòfiã num le pɛpɛpɛ; le mía fofowo ƒe se la nu la ŋuʋãla ɖe Mawu ŋu menye, sigbe alesi mi katã miele egbe sia ene;


Eye amea ɖewo tso Yudea va fia nu nɔviawo bena: Ne wometso aʋa na mi le Mose ƒe kɔa nu o la, miate ŋu akpɔ xɔxɔ o.


Eye esi wose nya siawo la, wozi ɖoɖoe, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Ekema Mawu na dzimetɔtrɔ trɔ̃subɔlawo hã hena agbe.


Ke amea ɖewo, siwo tso farisitɔwo ƒe kɔmamã me, amesiwo xɔ se la, tsi tre, eye wogblɔ bena, ele bena, woatso aʋa na wo, eye woaɖo na wo be, woalé Mose ƒe se la me ɖe asi.


ne ava, bena wòakpɔ ŋutikɔkɔe le eƒe ame kɔkɔewo me, eye woawo nuku na amewo le dzixɔsetɔwo katã ŋuti le ŋkeke ma dzi; elabena miexɔ míaƒe ɖaseɖiɖi dzi se.


Elabena esi miese be, amea ɖewo tso mia dome va blu miaƒe tame kple nyawo, eye wonyama miaƒe luʋɔwo gblɔ bena, woatso aʋa na mi, eye mialé se la me ɖe asi, evɔ miede sea ɖeke na wo o la;


Eye mawunya la keke ta, eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme le agba sɔm ŋutɔ le Yerusalem; eye nunɔlawo ƒe ha gãa ɖe hã na ta xɔse la.


Ke esi wogado ŋɔdzi na wo ɖe edzi la, woɖe asi le wo ŋu, esi womekpɔ naneke woatsɔ ahe to na wo o la ta, le dukɔ la ŋuti; elabena ameawo katã le Mawu kafum le nusi ke va me la ŋuti.


Ke amesiwo se nyaa la, dome geɖea xɔe se; eye ŋutsuawo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃.


Azɔ amesiwo xɔ eƒe nyaa la, wode mawutsi ta na wo; eye le ŋkeke ma dzi wotsɔ luʋɔwo anɔ akpe etɔ̃ kpe ɖe wo ŋu.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena, ne bliku la mege ɖe anyigba me, eye woku o la, ekema eya ɖeka tsia anyi; ke ne eku la, etsea ku geɖe.


Ke ele be, dzi nadza wò; elabena nɔviwò sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe.


Esi ameha, si ƒe xexlẽme ade akpeakpewo, va ƒo ƒu ale bena, wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi la, ede asi gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo gbã bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã, si nye alakpadada la, ŋuti.


Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo; amesiwo biaa Yehowa ta sena la, nekafui! Agbe neɖo miaƒe dzi ŋu tegbee!


Matsɔ wò ŋkɔ ade gbe ƒae na nɔvinyewo, eye makafu wò le amehawo dome be:


Eye wokafu Mawu le tanye.


Eye esi amehawo kpoe la, wovɔ̃, eye wokafu Mawu, si tso nenem ŋusẽ sia tɔgbe na amegbetɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite